Yosua 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gibeon-tɔwo to aye me dze xɔlɔ̃ Israel-viwo, eye wozu wo tenɔlawo. 1 Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la, 2 wo katã ƒo ta kpli, be yewoawɔ aʋa kple Yosua kpakple Israel. 3 Ke esi Gibeon-tɔwo se nusi Yosua wo Yerixo kple Ai la, 4 woawo hã wɔ ayenu, eye wodzra mo dzi nuɖuɖu ɖo, wotsɔ kotoku xoxowo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotso weingolo xoxo vuvu, siwo woka, 5 wodo atokota xoxo, siwo woka la de afɔ, woƒe awuwo do xoxo, eye abolo, siwo katã woɖo asi la, ƒu hefli keŋkeŋ. 6 Eye wova Yosua gbɔ le asaɖa me le Gilgal gblɔ na eya kple Israel-ŋutsuwo bena: Anyigba didia ɖe dzi míetso va, eye miedi be, miabla nu kpli mi! 7 Tete Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xiwitɔwo bena: Ɖewohi miele mía dome; aleke wo hafi míabla nu kpli mi? 8 Wogblɔ na Yosua bena: Wò dɔlawo míenye. Yosua bia wo bena: Amekawo míenye, eye afika míetso? 9 Woɖo ŋu nɛ bena: Wò dolawo tso anyigba didi booa ɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta, elabena miese eŋkɔ kple nusiwo katã wòwɔ le Egipte, 10 kpakple nusiwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo le Yordan godo, siwo nye Sixon, Xesbon-fia, kple Og, Basan-fia, sina Astarot. 11 Eyata miaƒe ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã gblɔ na mi bena: Mido mo dzi nuɖuɖu asi, miyi ɖakpe wo, eye migblɔ na wo bena: Miaƒe dolawo míenye, eyata mibla nu kpli mí! 12 Esi miele mo dzi dze ge ava mia gbɔ la, eya mietsɔ abolo siawo dzodzo le míaƒe xɔwo me ɖo asi, ke azɔ la woƒu hefli keŋkeŋ: 13 míaƒe weingolo siawo la yeye wole, hafi míeku wein ɖe wo me, ke azɔ la wovuvu, eye míaƒe avɔ kple atokota siawo do xoxo, le esi mɔa didi akpa ta. 14 Tete ŋutsuawo xɔ woƒe mɔ dzi nuɖuɖuawo, gake womebia gbe Yehowa se o. 15 Eye Yosua wo xɔlɔ̃ kpli wo hebla nu kpli wo be, yeana woatsi agbe, eye ameha la ƒe amegãwo ka atam na wo. 16 Esi wòbia nu kpli wo ŋkeke etɔ̃ megbe la, wose bena, wotso de yewo gbɔ, eye wole wo dome. 17 Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim. 18 Ke Israel-viwo mesi wo o, elabena ameha la ƒe amegãwo la Yehowa, Israel ƒe Mawu la, na wo. Esi ameha blibo la li amegãwo ŋu la, 19 amegãwo katã do ŋu na ameha blibo la bena: Mieta Yehowa, Israel ƒe Mawu la, na wo, eyata míate ŋu awɔ naneke wo o. 20 Ale miawo wo enye si: Mina woanɔ agbe, ne dziku magava mía dzi le atam, si míeka na wo la ta o. 21 Eye amegãwo gblɔ na wo bena: Mina woanɔ agbe! Eye wòtrɔ zu naketɔlawo kple tɔmedelawo na ameha blibo la, abe alesi amegãwo gblɔ na wo ene. 22 Tete Yosua yɔ wo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieble mí gblɔ bena, didiƒe ke yewotso, evɔ wònye mietsɔ ɖe mia gbɔ hafi? 23 Eyata aɖi mia ŋu, eye dɔlawo, naketɔlawo kple tɔmedelawo na nye Mawu ƒe aƒe la mavɔ le mia dome akpɔ o! 24 Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo. 25 Kpɔ ɖa, miele asiwò me, alesi dzɔ, eye wònyo ŋuwò nebe, yeawɔ mí ko la, wɔ mí! 26 Eye wòwɔ wo nenema heɖe wo tso Israel-viwo si me, ale be womewu wo o. 27 Eye Yosua tsɔ wo wɔ nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la le teƒe, si tia ge wòala la, tso ŋkeke ma dzi vaseɖe egbe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana