Yosua 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Woxɔ Ai-du 1 Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! Tsɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye tso, nayi ɖe Ai, kpɔ ɖa, metso Ai-fia kple eƒe dukɔ, eƒe du kple eƒe anyigba de asi na wò, 2 eye wɔ Ai kple eme ba, abe alesi nèwɔ Yerixo kple eme fia ene; ke miekpɔ mɔ aha aboyonuawo kple lãwo na mia ɖokui. Eye na woade xa ɖe du la ŋu ɣetoɖoƒe gome. 3 Tete Yosua kple aʋawɔlawo katã ho, be wòayi Ai. Eye Yosua tia kalẽtɔ akpe blaetɔ̃, eye wòdɔ wo ɖa le zã me, 4 de se na wo gblɔ bena: Miɖo ŋku dzi, ne miayi aɖade xa ɖe du la ŋu le ɣetoɖoƒe gome, ke nua kple du la dome megadidi akpa o, eye mi katã minɔ dzadzraɖoɖi. 5 Ke mía kple aʋawɔlawo katã miazɔ ɖe du la dzi, eye ne wova kpe mí abe tsã ene la, ekema miasi le wo nu, 6 bena woati mía yome, vaseɖe esime miaɖe wo atso dua mee; elabena wòabu be, ɖe míegale sisim le yewo nu abe tsã ene. Eye ne miele sisim le wo nu la, 7 ekema miawo miado te xa me aɖaxɔ du la, eye Yehowa, mia Mawu, atsɔe ade asi na mi. 8 Eye ne miexɔ dua vɔ la, ekema mitɔ dzo du la; miwɔ, abe alesi Yehowa gblɔ na mi ene, kpɔ ɖa, nyee ɖe se na mi. 9 Esi Yosua dɔ wo ɖa la, woyi ɖade xa ɖe Betel kple Ai dome, le Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, ke Yosua tsi dukɔ la dome dɔ le zã ma me. 10 Tete Yosua fɔ ŋdi kanya, eye wòɖo aʋawɔlawo, eye eya kple Israel-ame tsitsiwo dze aʋawɔlawo ŋgɔ yi Ai. 11 Eye aʋawɔla, siwo katã le eŋu la, ho heva du la kasa, woƒu asaɖa anyi ɖe Ai ƒe anyiehe gome, eye ʋea ɖe tso woawo kple Ai dome. 12 Eye wòɖe ŋutsu akpe atɔ̃, be woade xa ɖe Betel kple Ai dome le du la ƒe ɣetoɖoƒe gome; 13 eye woɖo asaɖa blibo la ƒe aʋawɔla, siwo nɔ du la ƒe anyiehe gome, ale be eƒe mlɔenu de du la ƒe ɣedzeƒe gome Eye Yosua yi ɖe bali la me le zã ma me. 14 Esi Ai-fia kpɔ esia la, dua me ŋutsuwo fɔ ŋɖi kanya kplakplakpla heho aʋa yi ɖakpe Israel, eye eya kple eƒe aʋakɔ blibo la va teƒea ɖe le gbadzaƒe la nu; ke menya be, wode xa ɖe eŋu le du la ƒe ɣetoɖoƒe gome o. 15 Eye Yosua kple Israel blibo la na Aitɔwo nyã wo, eye wòsi ɖo ta gbedzi. 16 Tete woyɔ duametɔwo katã ƒo ƒu, be woati wo yome, wonyã Yosua ɖe nu, eye wona woble yewo tso du la mee. 17 Eye ŋutsua ɖeke mele Ai kple Betel, si medo go heti Israel yome o, eye wogblẽ du la ɖe nuvo henyã Israel ɖe nu. 18 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Do akplɔ, si le asiwò la, ɖe Ai dzi, elabena matsɔe ade asi na wò! Tete Yosua do akplɔ, si le esi la, ɖe du la dzi. 19 Esi wòdo eƒe asi ɖa la, xadelawo wɔ kaba tso le wo nɔƒe hege ɖe du la me, eye woxɔe, eye wòtɔ dzo du la. 20 Eye esi Aitɔwo nye kɔ kpɔ megbe la, dzudzɔ de dzi le du la ŋu, ke womenya afika gɔ̃ woasi ayi o, elabena aʋakɔ, si si ɖo ta gbedzi la, trɔ ɖe wo ŋu. 21 Ke esi Yosua kple Israel blibo la kpɔ bena, xadelawo xɔ dua, eye dzudzɔ de dzi le dua ŋu la, wotrɔ, eye wosi Aitɔwo. 22 Ame kemeawo do tso dua me va kpe wo, ale be Israel tsɔ wo ɖe to me te goawo kple eve me, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ ayi sisi ge o. 23 Eye wòlé Ai-fia agbagbe kplɔ va Yosua gbɔ. 24 Esi Israel wu Aitɔwo katã le tagba le gbedzi, eye amesiwo katã ti wo yome tsi yi nu hetsrɔ̃ vɔ keŋkeŋ la, Israel blibo la trɔ ɖo ta Ai, eye wotsrɔ̃ wo kple yi. 25 Aitɔ, siwo katã tsi aʋa gbemagbe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, le ame akpe wuieve. 26 Ke Yosua magbugbɔ eƒe asi kple akplɔ, si wòdo ɖa la, ɖe megbe o, vaseɖe esime wotsrɔ̃ Aitɔwo vɔ keŋkeŋ; 27 negbe dua me lãwo kple aboyonuwo ko Israel ha na eɖokui, abe alesi Yehowa de se na Yosua ene. 28 Eye Yosua tɔ dzo Ai, eye wòwɔe aƒedo gbidigbidi vaseɖe egbe. 29 Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe. Wode gbe ƒã yayra kple fiƒode le Gerizim kple Ebal-towo dzi. 30 Ɣemaɣi Yosua ɖi vɔsamlekpui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe Ebal-to dzi; 31 kpe blibo, siwo wometsɔ gakpee fui o la, wotsɔ ɖi vɔsamlekpui lae, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se na Israel-viwo, kple alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ le edzi na Yehowa. 32 Eye wòŋlɔ se, siwo Mose ŋlɔ le Israel-viwo ŋku me la, ɖe kpeawo dzi. 33 Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene. 34 Emegbe wòxlẽ se la ƒe nyawo katã, siwo nye yayra kple fiƒode la, na wo pɛpɛpɛ, abe alesi woŋlɔe de segbalẽa me ene. 35 Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔa ɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana