Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yosua 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Axan ƒe fifi.

1 Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.

2 Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,

3 eye wòtrɔ va Yosua gbɔ gblɔ nɛ bena: Aʋakɔ blibo la megayi afima o, ke boŋ ame akpe eve alo akpe etɔ̃ ko neyi ɖasi Ai; mele vevie be, aʋakɔ blibo la nayi o, elabena womesɔ gbɔ o.

4 Esi dukɔ la dome ame akpe etɔ̃ yi la, wòsi le Aitɔwo nu.

5 Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.

6 Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.

7 Eye Yosua gblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, nukaŋuti nèkplɔ dukɔ sia tso Yordan, be natsɔ mi ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mi? Oo, ɖe míetsi Yordan godo la, ne nyo wu!

8 Taflatse Aƒetɔ, esi Israel trɔ megbe ɖe eƒe futɔwo la, aleke gblɔ ge mala?

9 Eye ne Kanaanitɔwo kple anyigbadzitɔwo katã see la, ekema woava kpe ta ɖe mía ŋu, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi; emegbe ɖe, aleke nawɔ ɖe wò ŋkɔ gã la ta?

10 Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Tsi tre! Nukaŋuti gɔ̃ nètsyɔ mo anyi?

11 Nuvɔ̃e Israel wɔ, eye wotu nye nu, si mebia kpli wo la, wotsɔ busunuawo ƒe ɖe, eye wofi fi, wowɔ alakpanu, eye wotsɔe ɣla ɖe woƒe nuwo dome.

12 Israel-viwo magate ŋu anɔ te ɖe woƒe futɔwo nu akpɔ o, megbe kokoko woatrɔ ade woƒe futɔwo, elabena busu le wo dzi. Nyemaganɔ anyi kpli mi o, negbe ɖeko miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.

13 Tsi tre, nakɔ dukɔ la ŋu, eye gblɔ na wo bena: Mikɔ mia dokui ŋu hena etsɔ! Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Israel, busu le mia dome, eyata miate ŋu anɔ te de miaƒe futɔwo nu akpɔ o, vaseɖe esime miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.

14 Eyata miva etsɔ ŋdi tototo, eye to, si Yehowa alé la, nate va ƒomeƒome, eye ƒome, si Yehowa alé la, nate va aƒeaƒe, eye aƒe, si Yehowa alé la, nate va ŋutsu ɖekaɖeka.

15 Eye woatɔ dzo amesi gbɔ wokpɔ busunua le, kpakple nusiwo katã le esi, elabena etu Yehowa ƒe nubabla, eye wòwɔ ŋukpenanu le Israel.

16 Eye Yosua tso ŋdi kanya, eye wòna Israel-toawo te va, tete wòlé Yuda-to la.

17 Esi Yuda-ƒomeawo te va la, wolé Zerax-ƒome la, eye esi Zerax-ƒome la te va aƒeaƒe la, wolé Zabdi.

18 Eye esi wòna eƒe aƒe te va ŋutsu ɖekaɖeka la, asi tu Axan, Karmi vi, amesi nye Zabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-to la me.

19 Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!

20 Axan ɖo ŋu na Yosua gblɔ bena: Nyateƒe, mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye ale kple ale mewɔ enye si:

21 Mekpɔ Sinear-tɔwo ƒe awu ʋlaya nyuia ɖe kple klosalo sekel alafa eve kpakple sikakpɔti ɖeka, si ƒe kpekpeme le sekel blaatɔ̃ la, le aboyonuawo dome, wòbiã ŋu nam, eye metsɔ wo; kpɔ ɖa, meɖi wo ɖe nye agbadɔ me, eye klosalo la le ete.

22 Enumake Yosua dɔ amewo woƒu du yi ɖe agbadɔ la me. Woɖi wo ɖe eƒe agbadɔ la me vava, eye klosalo la le ete.

23 Eye wotsɔ wo tso agbadɔ la me va Yosua kple Israel-viwo katã ŋku me, eye wotrɔ wo kɔ de Yehowa ŋku me.

24 Tete Yosua kple Israel blibo la kplɔ Axan, Zerax vi, hekpe de klosalo la, awu ʋlaya la kple sikakpɔti la kpakple viaŋutsuwo kple vinyɔnuwo, eƒe nyi, tedzi kple alẽwo, eƒe agbadɔ kpakple nusiwo katã le esi la ŋu, yi Axor-bali la me.

25 Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,

26 wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan