Yosua 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kanaanitɔwo ƒe vɔvɔ̃. 1 Esi Amoritɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, kple Kanaanitɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le ƒu ŋu, se bena, Yehowa na Yordan me tsi la mie le Israel-viwo ŋgɔ, eye wòto me ɖi go la, tete dzi ɖe le wo ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe Israel-viwo ŋu o. Aʋatsotso le Kanaan-nyigba dzi. 2 Le ɣemaɣi Yehowa gblɔ na Yosua bena: Tsɔ kpe wo hɛ, eye natso aʋa na Israel-viwo zi evelia! 3 Tete Yosua tso kpe wo hɛwo hetso aʋa na Israel-viwo le Aralot-togbɛ la gbɔ. 4 Nusi ta Yosua tso aʋa na wo ɖo la, enye si: Esime dukɔ blibo la ʋu tso Egipte la, ŋutsu aʋawɔla, siwo katã tso Egipte la, ku le mɔ ta le gbedzi. 5 Amesiwo katã ʋu la, tso aʋa, ke amesiwo katã wodzi le mɔ ta le gbedzi, esime woʋu tso Egipte la, metso aʋa o. 6 Elabena ƒe blane sɔŋ Israel-viwo zɔ gbedzi, vaseɖe esime aʋawɔla, siwo le dukɔ blibo la dome la ku, elabena womeɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye Yehowa ka atam na wo bena, womakpɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na mí, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la o. 7 Eye wotsɔ wo viwo ɖo wo teƒe; woawoe Yosua tso aʋa na, elabena bolobolotɔwo wonye, eye wometso aʋa na wo le mɔ ta o. 8 Esi wotso aʋa na wo katã vɔ la, wotsi afima le woƒe asaɖa me, vaseɖe esime abia ku na wo. 9 Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Meɖe Egipte-ŋukpe ɖa le mia ŋu egbe; eyata wona ŋkɔ teƒe ta bena Gilgal vaseɖe egbe. Ŋutitotoŋkekenyuie. Mana la nu tso. 10 Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba, 11 eye woɖu abolo maʋamaʋã kple bliti memee, siwo nye anyigba dzi agblemenuwo le ŋkeke, si dze ŋutitotoŋkekenyuie yome la dzi. 12 Eye esi woɖu anyigba dzi agblemenuwo ŋu ke la, mana la nu tso, eye mana ɖeke megali na Israel-viwo o, ke boŋ woɖu Kanaan-nyigba dzi agblemenuwo le ƒe ma me. Mawudɔla ɖe eɖokui na Yosua. 13 Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea? 14 Eɖo ŋu be: Gbeɖe, ke boŋ Yehowa ƒe aʋafia menye; azu medo enye si! Tete Yosua tsyo mo anyi hede ta agu, eye wòbiae bena: Nya ka le nye aƒetɔ si na eƒe dɔla? 15 Yehowa ƒe aʋafia la gblɔ na Yosua bena: Ɖe wò atokota le afɔ, elabena teƒe, si nèle tsitre ɖo la, teƒe kɔkɔe! Tete Yosua wo nenema. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana