Yosua 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yosua ƒo Israel-viwo katã nu ƒu le nu xlɔ̃ ge wo. 1 Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, 2 Yosua yɔ Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo gblɔ na wo bena: Metsi, eye mexɔ ƒe geɖe. 3 Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi. 4 Kpɔ ɖa, memã dukɔ kpɔtɔe siawo ƒe anyigba na miaƒe toawo tso Yordan nu kple dukɔ, siwo katã metsrɔ̃ la gbɔ, vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe. 5 Yehowa, mia Mawu la, ŋutɔ ate wo ɖa le mia ŋgɔ, eye wòanya wo da le mia ŋgɔ, be miaxɔ woƒe anyigba, abe alesi Yehowa, mia Mawu la, do ŋugbe na mi ene. 6 Eyata milé dzi ɖe ƒo vevie, ne mialé nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me la me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o. 7 Migatra ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖi la, dome o, eye woƒe mawuwo ŋkɔ megava mia nu, alo miatsɔ wo aka atam o, migasubɔ wo, eye migade ta agu na wo o, 8 ke boŋ nuku ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, abe alesi miewɔ vaseɖe egbe ene. 9 Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o. 10 Mia dome ŋutsu ɖeka te ŋu nyã ame akpe, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ ana na mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene. 11 Eyata mikpɔ nyuie le miaƒe agbe ŋu, ne míala Yehowa, mia Mawu la. 12 Ke ne mietrɔ heku ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖe mia gbɔ la ŋu, eye mieɖo ƒome kpli wo, mieyi wo dome, eye woawo hã va mia dome la, 13 ekema minyae bena, Yehowa, mia Mawu la, maganyã dukɔ siawo ɖa le mia ŋgɔ akpɔ o, eye woatrɔ zu adoboli kple mɔ na mi, woanye atam anɔ miaƒe axada me, eye woanye gu anɔ ŋku dzi na mi, vaseɖe esime miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu, na mi la dzi. 14 Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o. 15 Gake alesi nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la gblɔ, va me na mi la, nenema ke Yehowa ana nya vɔ̃wo katã nava dzɔ mia dzi, vaseɖe esime woatsrɔ̃ mi avɔ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu la, na mi la dzi. 16 Ne mietu Yehowa, mia Mawu la ƒe nu, si wòbia kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye miatsrɔ̃ avɔ xoxoxo le anyigba nyui, si wòna mi la dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana