Yosua 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913To, siwo nɔ Yordan godo, ɖi vɔsamlekpui ɖe Yordan to; dukɔ susɔe la meli edzi gbã o. 1 Ɣemaɣi Yosua ya Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-to afã la, 2 eye wògblɔ na wo bena: Miewɔ nya, siwo katã Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi, eye mieɖo to nye gbe le nusiwo katã megblɔ na mi la me. 3 Miegblẽ mia nɔviwo ɖi le ɣeyiɣi didi siawo me vaseɖe egbe sia o, eye miewɔ Yehowa, mia Mawu ƒe se la dzi. 4 Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi. 5 Ɖeko mikpɔ nyuie, be miawɔ ɖoɖo kple se, siwo Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi; milɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye mizɔ eƒe mowo katã dzi, midzra eƒe seawo ɖo, miku ɖe eŋu, eye misubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me! 6 Tete Yosua yra wo heɖe asi le wo ŋu, eye wodze mo yi woƒe agbadɔwo me. 7 Mose na anyigba Manase-to afã ɖe Basan, eye Yosua na anyigba afã evelia ɖe wo nɔviwò gbɔ le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe. Esi Yosua le asi ɖe ge le wo ŋu wòayi woƒe agbadɔwo me la, eyra wo 8 gblɔ na wo bena: Mitsɔ kesinɔnu geɖewo kple lã geɖewo, klosalo kple sika, akɔbli kple gayibɔ kpakple avɔ geɖewo fũ gbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo mee, eye mia kple mia nɔviwo mimã miaƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me! 9 Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene. 10 Eye esi wova ɖo Yordan-nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la ɖi vɔsamlekpui gã nyuia ɖe ɖe Yordan nu afima. 11 Eye Israel-viwo se bena, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã la ɖi vɔsamlekpui ɖe Yordan-nuto me dze ŋgɔ Kanaan-nyigba le Israel-viwo ƒe go keme dzi. 12 Esi Israel-viwo see la, tete Israel-viwo ƒe ha blibo la kpe ta ɖe Silo, be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu. 13 Eye Israel-viwo ɖɔ Pinehas, si nye nunɔla Eleazar vi, ɖo ɖe Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi, 14 eye amegã ewo, siwo nye amegãwo le Israel-viwo ƒe toawo katã me la, kpe ɖe eŋu; woawo enye amegã ɖekaɖekawo le wo fofowo ƒe aƒewo nu le Israel ƒe ame akpeawo dome. 15 Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena: 16 Ale Yehowa ƒe ha blibo la gblɔ esi: Nukaŋuti mieda vo ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le Yehowa yome egbe, eye mieɖi vɔsamlekpui na mia ɖokui hedze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe? 17 Ɖe vo, si woda le Peor ta, eye mía ŋu mekɔ vaseɖe egbe haɖe o, eye dɔvɔ̃ va Yehowa ƒe ameha dzi la, mesɔ gbɔ na mí oa? 18 Eye miawo mietrɔ le Yehowa yome egbe hedze aglã ɖe Yehowa ŋu, ne Yehowa nayi dɔmedzoe do ge ɖe Israel-ha blibo la ŋu etsɔa? 19 Ke ne miaƒe anyigba ŋu mekɔ o la, ekema miva Yehowa ƒe anyigba dzi, afisi Yehowa ƒe nɔƒe la le, ne miatso aƒe ɖe mía dome; ɖeko migaɖi vɔsamlekpuia ɖeke kpe ɖe Yehowa, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋuti ahadze aglã ɖe Yehowa kple mía ŋu o! 20 Ɖe Axan, Serax vi, megbe anukwareɖiɖi le busunuawo me, eye dɔmedzoe va Israel-ha blibo la dzi, eye menye eya ɖeka kolia koe ku ɖe eƒe vodada la ta oa? 21 Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-to afã la ɖo ŋu na Israel ƒe ame akpeawo tatɔwo bena: 22 Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o! 23 Nenye vɔsamlekpui míeɖi, be míatrɔ le Yehowa yome, eye nenye ɖe míebe, míasa numevɔ kple nuɖuvɔ alo akpedavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nekpɔ eme! 24 Ke boŋ míewɔ alea, elabena mievɔ̃ ɖa be, mia viwo ava bia mía viwo gbaɖegbe bena: Miawo miele kadodoa ɖeke me kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la o. 25 Yehowa tsɔ Yordan do liƒo mia kpli mi Ruben-viwo kple Gad-viwo dome; gomea ɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o! Ale mia viwo ana be, mía viwo agbe Yehowa vovɔ̃. 26 Eyata mieɖo be, míaɖi vɔsamlekpui, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o, 27 ke boŋ bena wòanye ɖase anɔ mía kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne miawo hã míatsɔ míaƒe numevɔsawo, kafukafuvɔsawo kple akpedavɔsawo ava subɔ le Yehowa ŋku me, eye ne mia viwo magava gblɔ na mia viwo gbaɖegbe bena gomea ɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o! 28 Elabena miebu be, ne woava bia mía kple míaƒe dzidzimeviwo gbaɖegbe la, ekema miagblɔ be: Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui tɔgbe sia, si mia fofowo wɔ la ɖa, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o, ke boŋ ne wòanye ɖase anɔ mía kple miawo dome. 29 Nede megbe xaa tso mia gbɔ be, miadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome egbe, aɖi vɔsamlekpui hena numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ahakpe ɖe Yehowa, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui, si le eƒe nɔƒe nu la ŋuti. 30 Esi nunɔla Pinehas kple ameha la ƒe amegãwo, siwo kpe ɖe eŋu, amesiwo nye tatɔwo le Israel ƒe ame akpeawo nu, se nya, siwo Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo gblɔ la, edze wo ŋu. 31 Eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, gblɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-vi wo bena: Egbe míedze sii bena, Yehowa le mía dome, elabena esi mieda vo ɖe Yehowa ŋu o la, eyata mieɖe Israel-viwo tso Yehowa si me. 32 Tete Pinehas, nunɔla Eleazar vi, kple amegãwo gbugbɔ tso Ruben-viwo kple Gad-viwo gbɔ le Gilead-nyigba dzi va Israel-viwo gbɔ le Kanaan-nyigba dzi, eye wohe dɔgbedenya vɛ na wo. 33 Eye nya la dze Israel-viwo ŋu, eye Israel-viwo kafu Mawu, eye womegadi be, yewoaho aʋa ɖe wo ŋu ahagblẽ anyigba, si dzi Ruben-viwo kple Gad-viwo le la o. 34 Eye Ruben-viwo kple Gad-viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la bena: „Eya nye ɖase le mía dome be, Yehowae nye Mawu.“ |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana