Yosua 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Lewitɔwo ƒe nɔƒewo. 1 Eye Lewi-to la ƒe amegãwo va nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-tɔwo ƒe ƒomeawo ƒe amegãwo gbɔ, 2 eye wogblɔ na wo le Silo le Kanaan-nyigba dzi bena: Yehowa ɖe se to Mose dzi bena, woana duwo mí mianɔ me kple wo ŋu nyigbawo hena míaƒe lãwo. 3 Tete Israel-viwo ɖe du siawo kple wo ŋu nyigba wole woƒe anyigbawo ŋu tsɔ na Lewitɔwo, abe alesi Yehowa gblɔ ene. 4 Tete dzidze dze Kehat-viwo ƒe ƒomewo dzi, eye wodzidze nu tsɔ du wuietɔ̃ na nunɔla Aron-viwo, siwo nye Lewitɔwo la, ɖe Yuda-to, Simeon-to kple Benyamin-to me; 5 eye wodzidze nu tsɔ du ewo na Kehat-vi mamleawo ɖe Efrayim-to ƒe ƒomeawo kple Dan-to kpakple Manase ƒe to afã la me. 6 Wodzidze nu tsɔ du wuietɔ̃ na Gerson-viwo ɖe Isaxar-to la ƒe ƒomeawo kple Aser-to, Naftali-to kple Manase ƒe to afã, si le Basan la me; 7 eye wona du wuieve Merari-viwo le woƒe ƒomewo nu ɖe Ruben-to, Gad-to kple Zebulon-to la me. 8 Eye Israel-viwo dzidze nu tsɔ du siawo kple wo ŋu nyigbawo na Lewitɔwo, abe alesi Yehowa de se to Mose dzi ene. 9 Du, siwo wona ɖe Yuda-viwo to kple Simeon-viwo to me ƒe ŋkɔwo nye si: 10 Du, siwo wona Aron-viwo, siwo nye Kehat-ƒomeawo tso Lewi-viwo dome la, wonye — elabena eya dzi dzidze; gbãtɔ dze — 11 Arba, si nye Enak fofo ƒe du, eya nye Xebron le Yuda-to la dzi hekpe ɖe lãnyiƒe, si le eŋu la ŋuti. 12 Ke wotsɔ, agble, si le dua ŋuti, kple eƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi, wònye etɔ. 13 Du, siwo wotsɔ na nunɔla Aron-viwo, wonye: Xebron, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Libna kple eŋu lãnyiƒe, 14 Yatir kple eŋu lãnyiƒe, Estemoa kple eŋu lãnyiƒe, 15 Xolon kple eŋu lãnyiƒe, Debir kple eŋu lãnyiƒe, 16 Ayin kple eŋu lãnyiƒe, Yuta kple eŋu lãnyiƒe kpakple Bet-Semes kple eŋu lãnyiƒe; wole du asieke le to eve siawo me, 17 Esiwo le Benyamin-to la me, wonye: Gibeon kple eŋu lãnyiƒe, Geba kple eŋu lãnyiƒe, 18 Anatot kple eŋu lãnyiƒe kpakple Almon kple eŋu lãnyiƒe wole ɖu ene. 19 Nunɔla Aron-viwo ƒe duwo katã le du wuietɔ̃ kple wo ŋu lãnyiƒewo. 20 Du, siwo wodzidze nu tsɔ na Kehat-viwo ƒe ƒome mamleawo, siwo nye Lewitɔwo ɖe Efrayim-to la me, wonye. 21 Sixem, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola, le Efrayim-to dzi kple eŋu lãnyiƒe. Gezer kple eŋu lãnyiƒe, 22 Kibzayim kple eŋu lãnyiƒe kpakple Bet-Xoron kple eŋu lãnyiƒe; wole du ene. 23 Esiwo le Dan-to la me, wònye: Elteke kple eŋu lãnyiƒe, Gibeton kple eŋu lãnyiƒe, 24 Ayalon kple eŋu lãnyiƒe kpakple Gat-Rimon kple eŋu lãnyiƒe; wole du ene. 25 Esiwo le Manase-to afã la me, wonye: Tanax kple eŋu lãnyiƒe kpakple Yibleam kple eŋu lãnyiƒe; wole du eve. 26 Kehat-viwo ƒe ƒome mamlea ƒe duwo katã le du ewo kple wo ŋu lãnyiƒewo. 27 Du, siwo Gerson-viwo, amesiwo tso Lewitɔwo ƒe ƒome la me, xɔ ɖe Manase ƒe to afã me, wonye: Golan le Basan, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola, kple eŋu lãnyiƒe kpakple Beestera kple eŋu lãnyiƒe; wole ɖu eve. 28 Esiwo le Isaxar ƒe to la me, wonye Kisyon kple eŋu lãnyiƒe, Daberat kple eŋu lãnyiƒe, 29 Yarmut kple eŋu lãnyiƒe kpakple En-Ganim kple eŋu lãnyiƒe, wole du ene. 30 Esiwo le Aser-to la me, wonye: Misal kple eŋu lãnyiƒe, Abdon kple eŋu lãnyiƒe, 31 Xelkat kple eŋu lãnyiƒe kpakple Rexob kple eŋu lãnyiƒe; wole du ene 32 Esiwo le Naftali-to la me, wonye. Kedes le Galilea, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Xamot-Dor kple eŋu lãnyiƒe kpakple Kartan kple eŋu lãnyiƒe; wole du etɔ̃. 33 Gerson-ƒomeawo ƒe duwo katã le du wuietɔ̃ kple wo ŋu lãnyiƒewo. 34 Du, siwo Merari-viwo ƒe ƒomewo, siwo nye Lewitɔ mamleawo, xɔ ɖe Zebulon-to la me, wonye. Yokneam kple eŋu lãnyiƒe, Karta kple eŋu lãnyiƒe, 35 Dimna kple eŋu lãnyiƒe kpakple Nahalal kple eŋu lãnyiƒe, wole du ene. 36 Esiwo le Ruben-to la me, wonye: Bezer kple eŋu lãnyiƒe, Yaza kple eŋu lãnyiƒe, 37 Kedemot kple eŋu lãnyiƒe kpakple Mefaat kple eŋu lãnyiƒe. 38 Esiwo le Gad-to la me, wònye Ramot le Gilead, si nye sitsoƒe na hlɔ̃dola kple eŋu lãnyiƒe, Maxanim kple eŋu lãnyiƒe, 39 Xesbon kple eŋu lãnyiƒe kpakple Yazer kple eŋu lãnyiƒe; wo katã le du ene. 40 Du, siwo katã wodzidze nu tsɔ na Merari-ƒomeawo, siwo nye Lewitɔwo ƒe ƒome mamleawo la, le du wuieve. 41 Lewitɔwo ƒe du, siwo katã le Israel-viwo ƒe anyigba dzi la, le du blane vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo. 42 Du siawo katã nye du ɖekaɖekawo, eye lãnyiƒewo le wo ŋu godoo va kpe. Ŋugbedodo la va me. 43 Ale Yehowa tsɔ anyigba blibo la na Israel, abe alesi wòka atam na wo fofowo ene, eye woxɔe hetso aƒe ɖe edzi. 44 Eye Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene; woƒe futɔwo katã dometɔa ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, ke boŋ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo. 45 Nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va me pɛpɛpɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana