Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yosua 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dodo le sitsoƒeduwo ŋuti.

1 Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena;

2 Gblɔ na Israel-viwo be, woatia sitsoƒedu, siwo ŋu meƒo nu le na mi to Mose dzi la;

3 eye amesi menyae o, eye mebua wu ame o la, nasi ayi afima, eye woanye sitsoƒe na mi tso hlɔ̃tɔ si me.

4 Ne esi yi du siawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòatɔ ɖe ɖu la ƒe agbo nu, eye wòagblɔ eƒe nya la na dumegãwo, hafi woaxɔe ɖe dua me, eye woana teƒee wòanɔ wo gbɔ.

5 Ke ne hlɔ̃tɔ ti eyome la, womegatsɔ amewula la de asi nɛ o; elabena mebua hafi wu nɔvia o, eye menye ɖe wòlé fui tsã hafi o.

6 Eye wòana du ma me, vaseɖe esime woakplɔe ava ameha la ŋku me, eye woadzro nya la me; eye ne nunɔla gã, si fi ɣemaɣi ku la, ekema amewula la kpɔ mɔ agbugbɔ ayi du, si me wòsi tso kple eya ŋutɔ ƒe xɔ nu.

7 Tete woɖo Kedes le Galilea le Naftali-to dzi kple Sixera le Efrayim-to dzi kpakple Kiryat-Arba, si nye Xebron le Yuda-to dzi.

8 Eye woɖo Bezer, si le gbedzi kple tagba la, ɖe Ruben-to la me le Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo ƒe ɣedzeƒe, kple Ramot le Gilead ɖe Gad-to la me, kpakple Golan le Basan ɖe Manase-to la me.

9 Esiawo nye ɖu, siwo woɖo na Israel-viwo katã kple amedzro, si le wo dome bena, ne amea ɖe mebua wu nɔvia o la, wòasi ayi afima, ne magaku ɖe hlɔ̃tɔ si me, hafi woahe eƒe nya ava ameha la ŋku mee o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan