Yosua 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Raxab ɖe Israel-vi ŋkutsalawo. 1 Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ. 2 Eye wogblɔ na Yerixo-fia bena: Kpɔ ɖa, ŋutsuwo tso Israel-viwo dome va afisia egbe zã, be woatsa ŋku le anyigba la dzi. 3 Tete Yerixo-fia dɔ ame ɖo ɖe Raxab gbɔ gblɔ bena: Ɖe ŋutsu, siwo va gbɔwò hedze aƒewò me la na, elabena ŋku tsa ge wova anyigba blibo la dzi. 4 Ke nyɔnu la tsɔ ŋutsu eveawo ɣla, eye wògblɔ bena: Ele me be, ŋutsuawo nya va gbɔnye, gake nyemenya afisi wotso o. 5 Esi anyigba tsyɔ, eye wole agbo tu ge la, ŋutsuawo do go, gake nyemenya afisi woyi o; miti wo yome kaba, elabena miate ŋu atu wo! 6 Evɔ wònye èkplɔ wo ɖaɣla ɖe xɔta ɖe ɖetifu, siwo wosia ɖe xɔta me hafi 7 Ke ŋutsuawo ti wo yome ɖo ta Yordan nu, eye esi wo yometilawo do go la, wodo agbo la ɖe wo megbe. 8 Hafi ŋutsuawo nadɔ alɔ la, nyɔnu la yi wo gbɔ le xɔta 9 gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me. 10 Elabena míese, alesi Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte, kpakple nusi miewɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, siwo nye Sixon kple Og le Yordan godo, amesiwo mietsrɔ̃ gbidigbidi. 11 Esi míesee la, dzi ɖe le mia ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe mia ŋu o, elabena Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi. 12 Eyata azɔ mita Yehowa nam, eye alesi meve mía nui la,; nenema ke miawo hã miave nye ƒome nui, eye mina dzesim ɖe dzi, 13 be miana fofonye kple danye, nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo kpakple woƒe ƒometɔwo katã natsi agbe, eye miaxɔ mí ɖe agbe. 14 Tete ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Ne miegblɔ nya sia wose o, eye Yehowa tsɔ anyigba la na mí, gake míeve nuwo o, eye míeɖi anukware na wò o la, ekema míaku ɖe mia teƒe! 15 Tete wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo to eƒe xɔ, si le dua ƒe gli ŋu la, ƒe fesre nu ɖe anyi; elabena eƒe aƒe le glia dzi. 16 Eye wògblɔ na wo bena: Miɖo ta toawo dzi, ne mia yometilawo magaɖo go mi o, eye miɣla mia ɖokui ɖe afima ŋkeke etɔ̃, vaseɖe esime mia yometilawo atrɔ, emegbe hafi mialé miaƒe mɔ. 17 Eye ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Atam, si nèna míeka na wò la, ado le mía dzi: 18 Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me. 19 Ne amea ɖe do le wò xɔ me ɖe xexe la, ekema eƒe nu tsi eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye míeɖi fɔa ɖeke o; ke ne amea ɖe le gbɔwò le wò xɔ me, hafi amea ɖe wɔ nanee la, ekema eƒe ʋu tsi miaƒe ta dzi. 20 Eye ne egblɔ míaƒe nya sia wose la, ekema atam, si nèna míeka na wò la, do le mía dzi. 21 Eye wòɖo ŋu na wo bena: Neva me, abe alesi miegblɔ ene! Eye wòɖe asi le wo ŋu woyi. Eyome wòtsi ka dzẽ dada ɖe fesre la nu. 22 Eye woyi dzi ɖatsi afima ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, vaseɖe esime wo yometilawo trɔ gbɔ. Eye wo yometilawo ɖi wo le mɔ blibo la katã dzi, gake womekpɔ wo o. 23 Tete ŋutsu eveawo gbugbɔ tso toawo dzi, eye wotso tɔ la va Yosua, Nun vi la gbɔ hexlẽ nusiwo katã dzɔ ɖe wo dzi la nɛ. 24 Eye wogblɔ na Yosua bena: Nyateƒee, Yehowa tsɔ anyigba blibo la de asi na mí, elabena anyigbadzitɔwo hã le mía vɔ̃m. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana