Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yosua 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


To ade susɔeawo ƒe domenyinu.

1 Dzidze evelia dze Simeon-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomeawo nu, eye woxɔ woƒe anyigba ɖe Yuda-viwo ƒe anyigba dzi.

2 Du, siwo nye wo to le woƒe anyigba dzi, wonye: Beer-Seba, Seba, Molada.

3 Xazar-Sual, Bala, Ezem.

4 Eltolad, Betul, Xorma,

5 Ziklag, Bet-Markabot, Xazar-Susa,

6 Bet-Lebaot kple Saruxen. Wole du wuietɔ̃ kple woƒe kɔƒewo.

7 Ayin, Rimon, Eter kple Asan. Wole du ene kple woƒe kɔƒewo,

8 hekpe ɖe kɔƒe, siwo katã le du, siawo gbɔ vaseɖe Baalat-Beer la ŋuti, eya nye Ramat le dziehe. Esia nye Simeon-viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.

9 Yuda-viwo ƒe gome ŋu woɖe anyigba le na Simeon-viwo, elabena Yuda-viwo tɔ lolo na wo akpa, eyata Simeon-viwo xɔ woƒe anyigba ɖe wo dome.

10 Dzidze etɔ̃lia dze Zebulon-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu, eye woƒe anyigba ƒe liƒo de Sarid.

11 Woƒe liƒo zɔ ɣetoɖoƒe gome va to Marala heto Bedabaset ŋu, eye wòva ke ɖe tɔʋu la nu le Yokneam kasa.

12 Eye liƒo la trɔ tso Sarid ɖo ta ɣedzeƒe gome va to Kislot-Tabor ƒe liƒo ŋu, eye wòto Daberat ŋu va ke ɖe Yafia,

13 eye wòtso afisia ɖo ta ɣedzeƒe gome va to Gat-Xefer kple Et-Kazin hemlo to Rimon va ke ɖe Nea;

14 eye liƒo la gɔdɔ̃ zɔ Xanaton ƒe anyiehe gome heva to Yiftax-El-bali la me.

15 Katat, Nahalal, Simron, Yidala kple Betlexem. Wole du wuieve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.

16 Esia nye Zebulon-viwo ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.

17 Dzidze enelia dze Isaxar-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu.

18 Eye woƒe anyigba to Yezreel, Kesulot, Sunem,

19 Xafarayim, Sion, Anaxarat,

20 Harabit, Kision, Abez,

21 Remel, En-Ganim, En-Xada kple Bet-Pazez.

22 Eye liƒo la va ke ɖe Tabor, Saxazima kple Bet-Semes ŋu heva wu nu ɖe Yordan nu. Wole du wuiade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.

23 Esia nye Isaxar-viwo ƒe to la ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.

24 Dzidze atɔ̃lia dze Aser-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomeawo nu.

25 Eye woƒe anyigba to Xelkat, Xali, Beten, Axsaf,

26 Alamelex, Amad kple Misal va zɔ Karmel kple Sixor-Libnat ŋu le ƒu gome;

27 eye wònyè kpo to ɣedzeƒe gome va ke ɖe Bet-Dagon, eye wòmlo to Zebulon, Yiftax-El-bali la ƒe anyiehe, Bet-Haemek kple Negiel, eye wòzɔ Kabul ƒe mia me gome

28 va to Ebron, Rexob, Xamon kple Kana vaseɖe Zidon, ɖu gã la gbɔ.

29 Eye liƒo la tro to Rama kple du sesẽ Tirus gbɔ, eye wònyè kpo to Xosa heva wu nu ɖe ƒu nu tso Axsib-nuto me

30 vaseɖe Uma, Afek kple Rexob. Wole du blave vɔ eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.

31 Esia nye Aser-viwo ƒe to la ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.

32 Dzidze adelia dze Naftali-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu.

33 Eye woƒe liƒo tso Xelef kple logotiwo gbɔ le Zaananim, Adami-Hanekeb kple Yabneel vaseɖe Lakum, eye wòva wu nu ɖe Yordan nu.

34 Eye liƒo la nyẽ kpo ɖe ɣetoɖoƒe gome va to Aznot-Tabor, eye wòmlo zɔ Xukok ŋu va to Zebulon ŋu le dziehe, eto Aser ŋu le ɣetoɖoƒe, eye wòto Yuda ŋu le Yordan nu le ɣedzeƒe.

35 Du sesẽwo nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret,

36 Adama, Rama, Xazor,

37 Kedes, Edrei, En-Xazor,

38 Yireon, Migdal-El, Xorem, Bet-Anat kple Bet-Semes. Wole du wuiasieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.

39 Esia nye Naftali-viwo ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.

40 Dzidze adrelia dze Dan-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomeawo nu.

41 Eye du, siwo le woƒe anyigba dzi, wonye: Zora, Estaol, Ir-Semes,

42 Saalabin, Ayalon, Yitla,

43 Elon, Timnat, Ekron,

44 Elteke, Gibeton, Baalat,

45 Yehud, Bene-Berak, Gal-Rimon,

46 Me-Hayarkon kple Harakon kple eƒe anyigba, si le Yafo kasa.

47 Ke Dan-viwo ƒe anyigba xaxa na wo akpa, eyata Dan-viwo yi ɖawɔ aʋa kple Lesem; woɖu wo dzi, wu wo kple yi, eye woxɔe hetso aƒe ɖe eme, eye wona ŋkɔ Lesem bena Dan, le wo fofo Dan ƒe ŋkɔ nu.

48 Esia nye Dan-viwo ƒe to la ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.


Yosua ƒe domenyinu.

49 Esi wode liƒo anyigba la me hemãe vɔ keŋ la, Israel-viwo na anyigba Yosua, Nun vi, ɖe wo dome;

50 wotsɔ ɖu Timnat-Serax, si wòbia la, nɛ ɖe Efrayim-to dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye wògbugbɔ du la tso henɔ eme.

51 Esia nye anyigba, siwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe ƒomewo ƒe amegãwo dzidze nu ma le Silo le Yehowa ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ale wowu anyigba la mamã nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan