Yosua 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Agbadɔxɔ la le Silo. Anyigba susɔe mamã. 1 Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima. 2 Eye Israel-viwo ƒe to adre susɔ, siwo womemã anyigba na haɖe o. 3 Eye Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Ɣekaɣi gɔ̃ miawɔ kuvia ase ɖo, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi la wòanye mia tɔ oa? 4 Miɖe ŋutsu etɔ̃etɔ̃ le to sia to me, ne madɔ wo woayi aɖatsa le anyigba la dzi, eye woaɖe anyigba, alesi nu ade wo nu la, agbalẽ me vɛ nam, 5 eye woamãe ɖe akpa adre me; Yuda nenɔ eƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe aƒe nenɔ etɔ dzi le anyiehe. 6 Ke mide anyigba la agbalẽ me ɖe akpa adre me tsɔ vɛ nam le afisia, eye nudzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa, mía Mawu la ŋku me afi. 7 Ke Lewitɔwo mexɔ gomea ɖeke ɖe mia dome o, elabena Yehowa ƒe nunɔladɔ enye woƒe domenyinu, eye Gad, Ruben kple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na wo la, ɖe Yordan godo le ɣedzeƒe. 8 Tete ŋutsuawo dze mɔ heyi, eye Yosua de se na amesiwo yina anyigba la de ge agbalẽ me la bena: Miyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye miŋlɔe tsɔ ve nam, ekema madzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa ŋku me le Silo. 9 Ale ŋutsuawo yi ɖatsa le anyigba la dzi, eye womãe ɖe akpa adre me le woƒe duwo nu heŋlɔe tsɔ vɛ na Yosua le asaɖa me le Silo. 10 Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe. Benyamin ƒe domenyinu. 11 Wodzidze nu ɖe Benyamin-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomewo nu, eye anyigba, si ge ɖe wo si me la, le Yuda-viwo kple Yosef-viwo dome. 12 Woƒe anyieheliƒo tso Yordan nu zɔ Yerixo-to la ƒe anyiehe heto toawo dzi le ɣetoɖoƒe gome, eye wòva ke ɖe Bet-Awen-gbedzi; 13 emegbe liƒo la tso afisia ɖo ta Luz heva zɔ Luz-to la ƒe dziehe, eya nye Betel, eye wòto Aterot-Adar ŋu va zɔ toawo dzi le dziehe le Bet-Xoron ƒe anyigbe gome. 14 Ɣetoɖoƒeliƒo la nyẽ kpo ɖo ta dziehe tso to, siwo le Bet-Xoron kasa la ƒe dziehe heva wu nu ɖe Kiryat-Baal, eya nye Kiryat-Yearim, si nye Yuda-viwo ƒe ɖu; esia nye ɣetoɖoƒekpa. 15 Dziehekpa tso Kirvat-Yearim ƒe mlɔenu ɖo ta ɣetoɖoƒe gome heva se Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ; 16 eye liƒo la trɔ va zɔ to, si le Efrayim-tagba ƒe anyiehe le Ben-Hinom-bali la kasa la ƒe mlɔenu, eye wòzɔ Hinom-bali la me heto Yebusitɔwo ƒe to la ŋu vaseɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ, 17 eye wòtrɔ ɖo ta anyiehe gome va to En-Semes heto Gelilot ŋu le Adumim-to dzi mɔ kasa, eye wòva to Bohan, Ruben vi ƒe kpe la gbɔ 18 hezɔ to la ŋu le gbadzaƒe la ƒe anyiehe vaseɖe Araba. 19 Eye liƒo la va to Bet-Xogla-to da ŋu le anyiehe heva wu nu ɖe adɔ la nu le Dzeƒu la ƒe anyiehe, le Yordan ƒe dziehe mlɔeanu; esia nye dzieheliƒo la. 20 Eye Yordan nye liƒo le ɣedzeƒe gome. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigbe ƒe liƒowo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu. 21 Benyamin-viwo ƒe to la ƒe duwo nye si le woƒe ƒomeawo nu. Yerixo, Bet-Xogla, Emek-Keziz, 22 Bet-Araba, Zemarayim, Betel, 23 Haawim, Hapara, Ofra, 24 Kefar-Amonai, Haofni kple Geba. Wole du wuieve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 25 Gibeon, Rama, Beerot, 26 Mizpe, Kefira, Moza. 27 Rekem, Yerpeel, Tarala, 28 Zela, Elef, Yebusi, eya nye Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole ɖu wuiene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana