Yosua 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Efrayimtɔwo ƒe domenyinu. 1 Yoset-viwo ƒe anyigba tso Yordan nu le Yerixo gbɔ zɔ Yerixo-tɔ la ŋu le ɣedzeƒe, va to gbegbe, si tso Yerixo hezɔ toawo dzi vaseɖe Betel la me; 2 eye liƒo la tso Betel va Luz heto Arkitɔwo ƒe anyigba me vaseɖe Atarot, 3 eye wòmlo to Yafletitɔwo ƒe anyigba ŋu le ɣetoɖoƒe gome hezɔ Bet-Xoron-nyigba ƒe anyigbe gome va ke ɖe Gezer hewu nu ɖe ƒu la nu. 4 Esia nye anyigba, si Yosef-viwo, Manase kple Efrayim, woxɔ. 5 Efrayim-viwo ƒe anyigba enye si le woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Aterot-Adar vaseɖe Bet-Xoron ƒe dzigbe gome 6 hemlo to ƒu la ŋu. Anyieheliƒo tso Mixmetat henyè kpo to Taanat-Silo ƒe ɣedzeƒe, eye wòzɔ eƒe ɣedzeƒe gome vaseɖe Yanoxa, 7 eye wòtso Yanoxa va to Atarot kple Naarat heto Yerixo ŋu vaseɖe Yordan nu. 8 Ɣetoɖoƒeliƒo tso Tapuax heto Kana-tɔʋu la ŋu va wu nu ɖe ƒu nu. Esia nye Efrayim-viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu 9 hekpe ɖe du, siwo katã wotia le Manase-viwo ƒe anyigba dzi na Efrayim-viwo la ŋuti. 10 Ke Womenya Kanaanitɔ, siwo nɔ Geser la ɖa o, eyata Kanaanitɔwo tsi Efrayim dome vaseɖe egbe, eye wona wowɔ dɔ na wo yaka. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana