Yosua 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yuda-to ƒe liƒowo kple duwo. 1 Eye Yuda-viwo ƒe to la xɔ woƒe gome le woƒe ƒomeawo nu ɖe dziehe la, Edom ƒe liƒo ŋu, le Zin-gbedzi le dziehe kekeake. 2 Woƒe dzieheliƒo tso Dzeƒu la ƒe mlɔenu, afisi ƒu la wɔ adɔ̃ nyẽ kpo ɖe dziehe gome le, 3 eye wòva to Akrabim-to ƒe dziehe gome vaseɖe Zin, eye wòmlo va zɔ Kades-Barnea ƒe dziehe vaseɖe Xezron, eto Adar hegɔdɔ̃ mɔ to Karka 4 vaseɖe Azmon, eye wòzɔ Egipte-tɔʋu la ŋu va wu nu ɖe ƒu nu. Esia nye miaƒe dzieheliƒo. 5 Ɣedzeƒeliƒo tso Dzeƒu la nu vaseɖe Yordan nu, eye anyieheliƒo tso adɔ̃, si le Yordan ƒe mlɔenu la nu 6 vaseɖe Bet-Xogla, eye wòmlo zã Bet-Araba ƒe anyiehe to Bohan, Ruben vi, ƒe kpe la gbɔ 7 hezɔ Axor-bali la me vaseɖe Debir, eye wònyè kpo to Gilgal, si le Adumim-to dzi mo kasa la, ƒe anyiehe le tonu la ƒe dziehe gome; emegbe liƒo la va to En-Semes-tɔ la ŋu va ke ɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ. 8 Eye liƒo la zɔ Ben-Hinom-bali la me va to Yebusitɔwo ƒe to la ŋu le dziehe, esia nye Yerusalem; eyome liƒo la zɔ to, si le Hinom-bali la nu le ɣetoɖoƒe gome la tame le Refaim-bali la ƒe mlɔenu le anyiehe gome, 9 eye wòtso to sia tame va to Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ heɖo ta ɖu, siwo le Efron-to dzi la gbɔ vaseɖe Baala, esia nye Kiryat-Yearim. 10 Eye liƒo la tro tso Baala ɖo ta Seir-to gbɔ le ɣetoɖoƒe heva zɔ Har-Yearim-to la ŋu le anyiehe, esia nye Kesalon, eye wòmlo to Bet-Semes vaseɖe Timna. 11 Emegbe liƒo la zɔ Ekron-to la ŋu le anyiehe vaseɖe Sikron, eye wòmlo to Baala-to la tame ɖo ta Yabneel va wu nu ɖe ƒu nu. 12 Eye ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo. Esia nye Yuda-viwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu. 13 Eye Yosua tso Arba, Enakitɔwo fofo, ƒe du, si nye Xebron la na Kaleb, Yefune vi, ɖe Yuda viwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ne ene. 14 Eye Kaleb nyã Enakitɔ etɔ̃ Sesai, Aximan kple Talmai, amesiwo Enak ŋutɔ dzi la ɖa tso afima. 15 Emegbe woho aʋa ɖe Debirtɔwo ŋu; tsã la woyia Debir bena Kiryat-Sefer. 16 Eye Kaleb gblɔ bena: Amesi ke aɖu Kiryat-Sefer dzi, eye wòaxɔe la, matsɔ vinyenyɔnu Axsa nɛ wòaɖe. 17 Esi Otniel, Kaleb nɔvi Kenas ƒe viŋutsu, xɔe la, etsɔ vianyɔnu Axsa nɛ wòɖe. 18 Eye esi wòkplɔe la, nyɔnu la ɖo dali nɛ be, yeaɖabia agble ye fofo, eye wòɖi tso tedzi la dzi; tete Kaleb biae bena: Nya kae le asiwò? 19 Eɖo ŋu be: Yram, elabena ètsɔ dziehenyigba nam xoxo, eyata tso tsivudoawo hã nam! Tete Kaleb tso vudo, siwo le to dzi kple bali me la nɛ. 20 Esia nye Yuda-viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu. 21 Du, siwo tso Yuda-viwo ƒe to la ƒe mlɔenu vaseɖe Edom ƒe liƒo ŋu le dziehe, wonye: Kabzel, Eder, Yagur, 22 Kina, Dimona, Adada, 23 Kedes, Xazor, Yitnan, 24 Sif, Telem, Bealat, 25 Xazor-Xadata, Keriot-Xezron, eya nye Xazor, 26 Amam, Sema, Molada, 27 Xazar-Gada, Xesmon, Bet-Palet, 28 Xazar-Sual, Beer-Seba, Bizyoteya, 29 Baala, Iyim, Azem, 30 Eltolad, Kesil, Xorma, 31 Ziklag, Madmana, Sansana, 32 Lebaot, Silxim, Ain kple Rimon. Wo katã le du blaetɔ̃ vɔ asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 33 Esiwo le gbadzaƒe, wonye: Estaol, Zora, Asna, 34 Zanoax, En-Ganim, Tapuax, Enam, 35 Yarmut, Adulam, Soxo, Azeka, 36 Saarayim, Aditayim, Gedera kple Gederotayim. Wole du wuiene hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 37 Zenan, Xadasa, Migdal-Gad, 38 Dilean, Mizpe, Yokteel, 39 Laxis, Bozkat, Eglon, 40 Kabon, Laxmas, Kitlis, 41 Gederot, Bet-Dagon, Naama kple Makeda. Wole du wuiade hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 42 Libna, Eter, Asan, 43 Yiftax, Asna, Nezib, 44 Kegila, Axsib, Masera. Wole ɖu asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 45 Ekron kple eŋu duwo kple eŋu koƒewo, 46 du, siwo katã tso Ekron kple ɣetoɖoƒe gome va ke ɖe Asdod kple eŋu kɔƒewo gbɔ: 47 Asdod kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo, Gaza kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo vaseɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye ƒu gã la enye liƒo. 48 Du, siwo le towo dzi, wonye: Samir, Yatir, Soxo, 49 Dana, Kiryat-Sana, eya nye Debir, 50 Anab, Estemo, Anim, 51 Gosen, Xolon kple Gilo. Wole du wuiɖekɛ hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 52 Arab, Duma, Esan, 53 Yanum, Bet-Tapuax, Afeka, 54 Xumta, Kiryat-Arba, eya nye Xebron kple Zion Wole du asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 55 Maon, Karmel, Zif, Yuta, 56 Yesreel, Yokdeam, Zanoax. 57 Hakayin, Gibea kple Timna. Wole du ewo hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 58 Xalxul, Bet-Zur, Gedor, 59 Maarat, Bet-Anot kple Eltekon. Wole du ade hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu. 60 Kiryat-Baal, eya nye Kirvat-Yearim, kpakple Xaraba. Wole du eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 61 Du, siwo le gbedzi, wonye: Bet-Araba, Midin, Sexaxa, 62 Nibsan, Ir-Hamelax kple En-Gedi. Wole du ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 63 Ke Yuda-viwo mete ŋu nyã Yebusitɔ, siwo le Yerusalem la ɖa o, eyata Yebusitɔwo tsi Yerusalem le Yuda-viwo dome vaseɖe egbe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana