Yosua 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wòmã anyigba la me vɔ. 1 Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi. 2 Eye wodzidze nu hafi mãe na to asieke kple afã la, abe alesi Yehowa ɖe se to Mose dzi ene. 3 Elabena Mose na anyigba to eve kple afã ɖe Yordan godo; ke mena anyigbaa ɖeke Lewi-viwo ɖe wo dome o. 4 Elabena Yosef-viwo Manase kple Efrayim le to eve; ke wometso gomea ɖeke na Lewi-viwo ɖe anyigba la dzi o, negbe duwo ko, be woana me, kple gbeɖuƒewo na woƒe lãwo kpakple nusiwo le wo si. 5 Alesi Yehowa ɖe se na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ, eye wòmã anyigba la. Kaleb ƒe domenyinu. 6 Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea. 7 Mexɔ ƒe blane, esime Yehowa ƒe dɔla Mose dɔm tso Kades-Barnea, be mayi ɖatsa ŋku le anyigba dzi, eye meva gblɔ, alesi mekpɔ la nɛ. 8 Ke nɔvinye, siwo ɖe kplim la, ɖe dzi le dukɔ la ƒo; gake nye la medze Yehowa, nye Mawu la yome blibo. 9 Tete Mose ka atam gbemagbe gblɔ bena; Anyigba, si dzi neɖo afɔe la, anye mia kple viwòwo ƒe domenyinu tegbee, elabena edze Yehowa, nye Mawu la yome blibo. 10 Kpɔ ɖa, Yehowa na metsi agbe, abe alesi wòdo ŋugbe ene; esi Yehowa gblɔ nya sia na Mose la, ƒe blane vɔ atɔ̃ enye si va yi, esiwo me Israel zɔ gbedzi. Mexɔ ƒe blanyi vɔ atɔ̃ egbe siawo, 11 gake ŋusẽ le ŋunye egbe siawo, abe alesi wònɔ ŋunye le gbesigbe Mose dɔm la ene; alesi ŋusẽ nɔ ŋunye ɣemaɣi, be mate ŋu awɔ aʋa, ado go, eye ava me la, nenema wogale ŋunye fifia hã. 12 Eyata tsɔ tonyigba sia, si ŋu Yehowa ƒo nu le gbemagbe la nam; elabena wò ŋutɔ èsee gbemagbe bena, Enakitɔwo le afima, eye duawo lolo hesesẽ. Ɖewohĩ Yehowa anɔ kplim, be manyã wo, abe alesi Yehowa gblɔ ene. 13 Tete Yosua yrae, eye wòtsɔ Xebron na Kaleb, Yefune vi la, ne wòanye eƒe domenyinu. 14 Eyata Xebron zu Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, ƒe domenyinu vaseɖe egbe, elabena edze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome blibo. 15 Woyɔ Xebron tsã bena Araba ƒe du, amesi nye ame gãtɔ le Enakitɔwo dome. Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana