Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yosua 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Fia blaetɔ̃ vɔ ɖeke, siwo dzi Israel-viwo ɖu la, ƒe ŋkɔwo.

1 Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:

2 Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, amesi ƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ, le Arnon-tɔʋu la nu tso tɔʋu la ƒe go ɖeka hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme vaseɖe Yabok-tɔʋu, si nye Amon-viwo ƒe liƒo la nu,

3 tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.

4 Hekpe ɖe Og, Basan-fia, amesi nye ame dzɔtsu mlɔea, si nɔ Astarot kple Edrei ƒe anyigba ŋu,

5 amesi ƒe dziɖuƒe nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxati-tɔwo ƒe liƒo ŋu kple Gilead afã heva ke ɖe Sixon, Xesbon-fia, ƒe anyigba ŋu.

6 Yehowa ƒe dɔla Mose kple Israel-viwo ɖu wo dzi, eye Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã wònye wo tɔ.

7 Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Yosua kple Israel-viwo ɖu, le Yordan ƒe go si dzi le ɣeto ɖoƒe gome, tso Baal-Gad le Libanon ƒe bali me vaseɖe to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbã; eye Yosua tsoe na Israel-toawo wo tɔ wo tɔe, ne wòanye wo tɔ,

8 amesiwo le towo dzi, gbadzaƒe, tagba, towo ŋu kple gbegbe kpakple dziehe, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo:

9 Yerixo-fia ɖeka, Ai, si le Betel gbɔ la me fia ɖeka,

10 Yerusalem-fia ɖeka, Xebron-fia ɖeka,

11 Yarmut-fia ɖeka, Laxis-fia ɖeka,

12 Eglon-fia ɖeka, Gezer-fia ɖeka,

13 Debir-fia ɖeka, Geder-fia ɖeka,

14 Xorma-fia ɖeka, Arad-fia ɖeka,

15 Libna-fia ɖeka, Adulam-fia ɖeka,

16 Makeda-fia ɖeka, Betel-fia ɖeka,

17 Tapua-fia ɖeka, Xefer-fia ɖeka,

18 Afek-fia ɖeka, Saron-fia ɖeka,

19 Madon-fia ɖeka, Xazor-fia ɖeka,

20 Simron-Meron-fia ɖeka, Axsaf-fia ɖeka,

21 Tanax-fia ɖeka, Megido-fia ɖeka,

22 Kedes-fia ɖeka, Yokneam, si le Karmel ŋu la me fia ɖeka,

23 Dor-fia, si le Nafot-Dor la ɖeka, Gilgal-dukɔ vovovowo ƒe fia ɖeka,

24 kple Tirza-fia. Fiawo katã le blaetɔ̃ vɔ ɖekɛ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan