Yosua 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kanaan-du geɖewo tsɔtsrɔ̃. 1 Esi Yabin, Xazor-fia, se esia la, edɔ ame ɖo ɖe Yobab, Madon-fia kple Simron-fia, Axsaf-fia 2 kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe 3 kpakple Kanaanitɔ, siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe. Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo, siwo le towo dzi, kpakple Xiwitɔwo, siwo le Xermon te le Mizpa-nyigba dzi. 4 Tete woho kple woƒe aʋakɔwo katã kple sɔwo kpakple tasiaɖam geɖewo; wosɔ gbɔ abe ƒutake ene. 5 Fia siawo katã ɖo gbe ɖi heva ƒu asaɖa anyi ɖe Merom-tɔ ta nu, be woawo aʋa kple Israel. 6 Ke Yehowa gblɔ na Yosua bena Megavɔ̃ wo o, elabena mana wo katã natsrɔ̃ le Israel ŋgɔ etsɔ wɔle siawo; natu ata na woƒe sɔwo, eye natɔ dzo woƒe tasiaɖamwo. 7 Tete Yosua kple aʋawɔlawo katã va ƒo ɖe wo dzi le Merom-tɔ la nu kpoyi, eye wodze wo dzi. 8 Eye Yehowa tsɔ wo de asi na Israel, ale be wosi wo henyã wo ɖe nu vaseɖe Zidon, du gã la me, vaseɖe Misrefot-Mayim kple Mizpa-bali la me le ɣedzeƒe gome, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o. 9 Eye Yosua wɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene; etu ata na woƒe sɔwo, eye wòto dzo woƒe tasiaɖamwo. 10 Ɣemaɣi ke Yosua trɔ va xɔ Xazor, eye wowu eme fia kple yi, elabena tsã la Xazor enye ta na fiaɖuƒe siawo katã. 11 Eye wowu amesiwo katã le eme la kple yi hetsrɔ̃ wo gbidigbidi; nu gbagbea ɖeke mekpɔtɔ o, eye wòtɔ dzo Xazor. 12 Ale Yosua ɖu fia siawo ƒe duwo kple woƒe fiawo katã dzi, eye wòwu wo kple yi; etsrɔ̃ wo gbidigbidi, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se ene. 13 Ke Israel metɔ dzo du, siwo katã le togbɛwo dzi la o; negbe Xazor ɖeɖeko Yosua tɔ dzoe. 14 Eye Israel-viwo ha aboyonuwo kple lãwo le du siawo me na wo ɖokui, negbe amewo katã ko wowu kple yi, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, eye womena nu gbagbe ɖeka hɔ̃ hã kpɔtɔ o. 15 Alesi Yehowa de se na eƒe dɔla Mose la, nenema Mose ɖee na Yosua, eye nenema Yosua wɔe meɖe naneke le se, siwo katã Yehowa ɖe na Mose la me o. 16 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, toawo kple dziehe gome katã, Gosen-nyigba blibo la kple gbadzaƒe la, tagba la kple Israel-toawo kpakple wo ŋu balimewo, 17 tso to tamekokoe, siwo ɖo ta Seir la gbɔ vaseɖe Baal-Gad le Libanon ƒe bali me le Xermon-to la te, eye wòɖe aboyo woƒe fiawo katã hewu wo. 18 Eye Yosua wɔ aʋa kple fia siawo katã eteƒe didi. 19 Dua ɖeke mewɔ xɔlɔ̃ kple Israel-viwo o, negbe Xiwitɔ, siwo nɔ Gibeon la ko; ke boŋ aʋa wowɔ hafi xɔ wo katã. 20 Elabena Yehowa gbɔ wòtso be, woƒe dzime sẽ, eye woho aʋa ɖe Israel ŋu, ne woatsrɔ̃ wo gbidigbidi, womave wo nu o, ke boŋ woatsrɔ̃ wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene. 21 Ɣemaɣi Yosua va tsrɔ̃ Enakitɔwo ɖa le toawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple Yuda-towo kpakple Israel-towo katã dzi, eye Yosua tsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi. 22 Enakitɔa ɖeke mekpɔtɔ ɖe Israel-viwo ƒe anyigba dzi o, negbe Gaza, Gad kple Asdod ko ɖewo susɔ ɖo. 23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana