Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yosua 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu do ŋusẽ Yosua le eƒe dɔwɔwɔ mo.

1 Le Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe ku megbe la Yehowa gblɔ na Yosua, Nun vi, si nye Mose ƒe subɔla bena:

2 Nye dɔla Mose ku, eyata tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana Israel-viwo la dzi.

3 Teƒe sia teƒe, si miaƒe afɔƒome aɖo la, matsɔe na mi, abe alesi megblɔ na Mose ene.

4 Miaƒe anyigba atso gbedzi kple Libanon sia gbɔ vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu, Xititɔwo ƒe anyigba blibo la vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe gome.

5 Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.

6 Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, elabena wòe amã anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo la, na dukɔ sia.

7 Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu vevie ko; lé se, siwo katã nye ɖɔla Mose de na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, megadze ɖe ɖusi alo mia me o, me wòadze dzi na wò le afisiafi, si nayi.

8 Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.

9 Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Dukɔ la be, yeado to Yosua.

10 Tete Yosua ɖe se na dukɔ la dzikpɔlawo bena:

11 Mitsa le asaɖa lãme, ne miade se na dukɔ la bena: Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.

12 Eye Yosua gblɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo ƒe to afã bena:

13 Miɖo ŋku nya, Si Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi bena: Yehowa, mia Mawu, na miegbɔ ɖe eme, eye wòtsɔ anyigba sia na mi.

14 Mina mia srɔ̃wo kple mia viwo kpakple miaƒe lãwo natsi anyigba, si Mose na mi le Yordan godo la dzi; ke kalẽtɔwo katã nabia akpa adze wo nɔviwo ŋgɔ, ne woakpe ɖewo ŋu,

15 vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.

16 Tete woɖo ŋu na Yosua bena: Míawɔ se, siwo katã nède na mí la dzi, eye afisiafi, si nèdɔ mí ɖo la, míayi!

17 Alesi mieɖo to Mose la, nenema ke miaɖo to wò hãe; Yehowa nanɔ kpli wò ko, abe alesi wònɔ kple Mose ene!

18 Woawu amesiame, si asẽ to ɖe wò sededewo ŋu, eye maɖo to wò nya, siwo katã negblɔ na mi o la. Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu ko!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan