Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yona 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yona mekpɔ ŋudzedze le nublanuikpɔkpɔ na Niniwetɔwo ŋuti o; eyata woka ŋku me nɛ.

1 Ke esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie.

2 Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.

3 Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe.

4 Eye Yehowa gblɔ be: Ɖe nèle dɔmedzoe dom ɖe eteƒea?

5 Tete Yona do le dua me ɖabɔbɔ nɔ dua ƒe ɣedzeƒe gome, eye wòtu agbadɔ ɖe afima hebɔbɔ no eƒe vɔvɔli te, ne yeakpɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi.

6 Eye Yehowa Mawu dɔ treklɔnu wòva mie ɖe Yona ta me, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi ahafa eƒe dzikudodo nu nɛ; tete Yona kpo dzidzɔ le treklɔnu la ŋu ŋutɔ.

7 Ke esi agu dze le ŋkeke evelia dzi la, Mawu do ŋɔ wòva du treklɔnu la woku.

8 Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.

9 Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.

10 Tete Yehowa gblɔ be: Treklɔnu, Si ŋu medze agbagba le o, mekpɔ edzi wòtsi o, emie le zã ɖeka me, eye woku le zã ɖeka me la ƒe nu le vewòm, —

11 ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan