Yona 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nyagblɔɖila la gblɔ dzimetɔtrɔ ŋutinya dziŋɔa ɖe na Niniwetɔwo. 1 Tete Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia bena: 2 Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ. 3 Tete Yona tso yi Niniwe ɖe Yehowa ƒe nya la nu. Niniwe enye du gãa ɖe le Mawu ŋku me, eye eƒe didime enye ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ. 4 Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃! 5 Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi. 6 Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. 7 Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o, 8 ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti. 9 Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ! 10 Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana