Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yona 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖila la yɔyɔ, eƒe tomaɖomaɖo kple tohehe nɛ.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona, Amitai vi, bena:

2 Tso, nayi Niniwe, du gã la me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va ŋkunye me.

3 Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.

4 Ke Yehowa lɔ ya gãa ɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽa ɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la ɖi be, yeagbã.

5 Tete ʋukulawo vɔ̃, eye wo dome amesiame do ɣli yɔ eƒe mawu, eye wotsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒu me, ne woazu wodzoe, ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, eye wòmia anyi do alɔ̃ yi me ʋĩ.

6 Tete ʋumefia te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Alɔ̃ dɔm wòa nèlea? Fɔ nayɔ wò Mawu! Amea ɖe menya nu o Mawu aɖo ŋku mía dzi, be míagatsrɔ̃ o hĩ.

7 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míadzidze nu, ne míakpɔ amesi ta dzɔgbevɔ̃e sia dza de mía dzi ɖo la! Tete wodzidze nu, eye nudzidze la dze Yona dzi.

8 Eye wogblɔ nɛ bena: Gblɔ nusi ta dzɔgbevɔ̃e sia dzo ɖe mía dzi ɖo la na mí! Do ka wɔla nènye, eye afika nètso? Mia de ɖe, eye dukɔ ka me nètso?

9 Eɖo ŋu na wo bena: Hebritɔ menye, eye mevɔ̃a Yehowa, dziƒo Mawu la, amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui.

10 Tete ŋutsuawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Nukae nèhewɔ ma? Elabena wonyae be, Yehowa nu wòsi le; elabena etoe na wo tsã.

11 Eye wogblɔ nɛ bena; Nuka míawɔ wò, be atsiaƒu la nadze kɔ anyi le mía ŋu godoo? Elabena ƒu la ƒe nyanyrã nu le sesẽm ɖe dzi.

12 Eɖo ŋu na wo be: Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.

13 Tete ŋutsuawo ku ʋua, be woatrɔ ayi gota, ke womete ŋui o, elabena atsiaƒu da nyrã ɖe edzi hekpe wo.

14 Eye woyɔ Yehowa gblɔ bena: Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ̃ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.

15 Eye wokɔ Yona ƒu gbe ɖe ƒua me; tete ƒu la dzudzɔ agbodzedze.

16 Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan