Yohanes 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu vɔ dɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzime ke la, le Sabat dzi. 1 Eye esi wòle eme tsom yina la, ekpɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke. 2 Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Rabi, ameka wo nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã? 3 Yesu do ŋu bena: Menye amesia alo eƒe dzilawoe wo nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me. 4 Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. 5 Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye. 6 Esi wògblɔ esiawo la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wotsɔ ta la henyã anyi, eye wòtsɔ anyi la hesisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, 7 eye wògblɔ nɛ bena: Yi, nale tsi le Siloa-ta la me (si gɔme enye wodɔe ɖa). Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm. 8 Eyata eƒe aƒelikawo kple amesiwo kpɔe tsã bena, nubiala wònye la, gblɔ bena: Ɖe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã? 9 Bubuwo gblɔ bena: Eyae; ɖewo hã gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ ɖe wòɖii; eya ŋutɔ gblɔ bena: Nyee. 10 Eyaŋuti wogblɔ nɛ bena: Ekema aleke wo wò ŋkuwo ʋu mahã? 11 Eɖo ŋu bena: Amesi woyɔna be Yesu la, eyae nyã anyi, eye wòtsɔe sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye wògblɔ nam bena: Yi Siloa me nale tsi; ale meyi ɖale tsi, eye mekpɔ nu. 12 Wogblɔ nɛ bena: Afika eyama le? Egblɔ bena: Nyemenyae o. Farisitɔwo dzro nukudɔwɔwɔ la me. 13 Wokplɔ amesi ƒe ŋku gbã tsã la yi ɖe farisitɔwo gbɔ. 14 Ke gbesigbe Yesu nyã anyi heʋu eƒe ŋkuwo la, enye Sabat-ŋkeke. 15 Tete farisitɔwo hã gabiae, alesi wòwɔ hafi kpɔ nu. Eye wògblɔ na wo bena: Anyi wòtso heɖo nye ŋkuwo dzi, eye mele tsi, eye mele nu kpɔm. 16 Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome. 17 Azɔ wògagblɔ na ŋkuagbãtɔ la bena: Wò la, esi woʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Eye wògblɔ bena: Nyagblɔɖila wònye. 18 Ke Yudatɔwo mexɔe se le eŋuti bena, ŋkuagbãtɔ wònye tsã hele nu kpɔm o, vaseɖe esime woyɔ amesi gale nu kpɔm la, ƒe dzilawo vɛ. 19 Eye wòbia wo bena: Ɖe esia nye miaƒe vi, si miegblɔ bena, ŋkugbagbã wodzii mahã? Aleke wɔ wòle nu kpɔm azɔ mahã? 20 Eƒe dzilawo ɖo ŋu gblɔ bena: Míenyae bena, amesia mía vi wònye, eye ŋkugbagbã wodzii; 21 ke alesi wɔ wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, alo amesi nu ŋkuwo ne la, míenyae o; mibia eya ŋutɔ, etsi, aƒo nu le eɖokui ŋuti. 22 Esiawo eƒe dzilawo gblɔ, elabena wovi Yudatɔwo; elabena Yudatɔwo ɖo ɖe anyi xoxoxo bena, ne amea ɖe katse ʋu eyama me bena, Kristo wònye la, ekema yewoaɖee le yewoƒe ha me. 23 Le esia ta eƒe dzilawo gblɔ bena; Etsi, mibia eya ŋutɔ. 24 Ale wogayɔ amesi ƒe ŋkuwo gbã tsã la zi evelia, eye wogblɔ nɛ bena: Tsɔ kafukafu na Mawu, miawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye. 25 Tete eyama xɔ dzi bena: Nenye nuvɔ̃wɔla wònye la, nyemenyɛ o, nu ɖeka ko menya bena, ŋkuagbãtɔ menye tsã, azɔ mele nu kpɔm. 26 Eye wògagblɔ ne bena: Nuka wòwɔ na wòa? Aleke wòdu ŋku na wò mahã? 27 Eɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi xoxo, eye miesee o; nukaŋuti miele didim bena, miagasee mahã? Ɖe miawo hã miele didim bena, míazu eƒe nusrɔ̃lawo mahã? 28 Eye wodzui gblɔ bena: Wòe nye eyama ƒe nusrɔ̃la, ke miawo la Mose ƒe nusrɔ̃lawo mienye. 29 Mienya bena, Mawu ƒo nu kple Mose; ke amesia la mienyã afisi wòtso o. 30 Ame la xɔ dzi gblɔ na wo bena: Esia mee wòwɔ nuku le bena, mienya afisi wòtso o, eye wòʋu nye ŋkuwo. 31 Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe. 32 Tso xexemedzɔgbe taa la womese kpɔ bena, amea ɖe ʋu ŋkuwo na amesi wodzi ŋkugbagbã o. 33 Ɖe amesia metso Mawu gbɔ o la, ne mate ŋu awɔ naneke o. 34 Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuvɔ̃ me pete wodzi wò ɖo, eye wòa nèle nu fiãm mi mahã? Eye wonyae do goe. Yesu wu gbedada na ŋkuagbãtɔ la nu. 35 Yesu se bena, wonyae ɖo goe, eye esi wokpɔe la, egblɔ bena: Ele Mawuvi la dzi xɔm le sesem mahã? 36 Eɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye esi, bena maxɔ edzi ase mahã? 37 Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi nèkpɔ kple amesi le nu ƒom kpli wò la, eyae. 38 Ke egblɔ bena: Aƒetɔ, mexɔe se; eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ 39 Eye Yesu gblɔ bena: Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo? 40 Eye farisitɔ, siwo le eŋuti la see, eye wogblɔ nɛ bena: Ɖe miawo hã míenye ŋkuagbãtɔwo mahã? 41 Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana