Yohanes 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu yi agbadɔ me-ŋkekenyuieɖuƒe. 1 Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta. 2 Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuie, si nye agbadɔŋkekenyuie la ɖo. 3 Tete la nɔviawo gblɔ nɛ bena: Dzo le afisia, eye nayi Yudea, bena wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ wò dɔwɔwɔ, siwo nèwɔna. 4 Elabena amea ɖeke mewɔa naneke le ɣaɣlaƒe, eye wòdina be, ye ŋuta vea dze le gaglãgbe o. Ne ewo esiawo la, ekema ɖe ɖokuiwò fia xexeame. 5 Elabena nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o. 6 Yesu gblɔ na wo bena: Nye azãgbe la meɖo haɖe o: ke miawo la miaƒe azãgbe la ɖona ɖaa. 7 Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi. 8 Miawo la, miheyi ŋkekenyuiea ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyuie sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vo haɖe o. 9 Esi wògblɔ esiawo na wo la, etsi Galilea. 10 Ke esi nɔviawo yi ŋkekenyuiea ɖuƒe la, eya hã yi, menye le gaglãgbe o, ke boŋ le adza me. 11 Azɔ Yudatɔwo dii le ŋkekenyuiea ɖuƒe, eye wogblɔ bena: Afika ame ma le? 12 Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la. 13 Gake la amea ɖeke megblɔe le eŋuti kple dzideƒo o; elabena wovɔ̃ Yudatɔwo. 14 Ke esi ŋkekenyuie la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wòfiã nu. 15 Eyaŋuti Yudatɔwo tsi yaa gblɔ bena: Aleke wo amesia nya agbalẽ, esi nasrɔ̃ nu kpo o mahã! 16 Tete Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Nye nufiafia la menye tonye o, ke boŋ amesi dom ɖa la tɔe. 17 Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti. 18 Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o. 19 Alo menye Mose ye na se la mi oa, eye mia dometɔa ɖeke mewo se la dzi o; nukaŋuti miele didim be, mia wum mahã? 20 Ameha la ɖo ŋu bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo: ameka le didim be, yeawu wò mahã? 21 Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Dɔ ɖeka ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa. 22 Mose tsɔ aʋatsotso na mi, menye bena, etso Mose gbɔ o, ke boŋ fofoawo gbɔ wòtso, eye le Sabat dzi la mietsoa aʋa na ame. 23 Ne wotso aʋa na ame le Sabat dzi, bena woagada Mose ƒe sea dzi o la, nukaŋuti miele dɔmedzoe dom ɖe ŋutinye, elabena mena ame blibo la ƒe lãme sẽ le Sabat dzi mahã? 24 Migatrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. 25 Tete Yerusalemtɔa ɖewo gblɔ bena: Alo menye esiae nye amesi wodi be, yewoawu o mahã? 26 Eye kpɔ ɖa, ele nu ƒom faa, eye womegblɔa nyaa ɖeke nɛ o. Ɖe dumegãwo dze sii vavã bena, amesiae nye Kristo la mahã? 27 Ke amesia la mienya afisi wòtso; gake ne Kristo ava la, amea ɖeke manya afisi wòtso o. 28 Azɔ Yesu do ɣli le mawuƒe la me hele nu fiãm, eye wòle gbɔgblɔm bena: Ẽ, mienyam, eye mienya afisi metso, eye nyemeva le nye ŋuta ɖokuinye si o, ke nyateƒetɔa ɖe li, amesi dɔm ɖa, amesi miawo mienyã o. 29 Nye la menyae, elabena egbɔ metso, eye eyamae dɔm ɖa. 30 Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o. 31 Ke ame geɖewo xɔ edzi se le ameha la dome, eye wogblɔ bena: Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã? 32 Farisitɔwo se alesi amewo le nusiawo ƒe liʋiliʋi lim le eŋuti. Eye farisitɔwo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa, bene woaɖalée. 33 Tete Yesu gblɔ bena: Manɔ anyi kpli mi ɣeyiɣi via ɖe ko, eye magblẽ mi ɖi ayi amesi dɔm ɖa la gbɔ. 34 Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o. 35 Tete Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo bena: Afika amesia le yiyi ge bena, mía te ŋu akpɔe oa? Ɖe wòle, amesiwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ yi ge, eye wòafia nu Helatɔwo mahã? 36 Nya ka ƒomevi gɔ̃e nye esia, si wògblɔ bena: Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o mahã? 37 Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi. 38 Amesi xɔa dzinye sena, abe alesi ŋɔŋlɔ la gblɔ ɖi ene bena: Agbetsitɔsisiwo le sisi ge atso eyama ƒe dɔ me. 39 Ke egblɔ esia le Gbɔgbɔ la ŋuti, esi amesiwo le edzi xam le sesem la, laxɔ; elabena Gbɔgbɔ la meli haɖe o, le esi womekɔ Yesu ŋuti haɖe o la ta. 40 Esi ameha la dometɔa ɖewo se nya siawo la, wogblɔ bena: Vavã amesiae nye nyagblɔɖila la. 41 Bubuwo gblɔ bena: Esiae nye Kristo la. Eye bubuwo hã gblɔ bena: Ɖe Kristo la atso Galilea mahã? 42 Ɖe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã? 43 Ale ameha la dome ma le eyama ta. 44 Ke wo dometɔa ɖewo ɖi be, yewoalée; gake amea ɖeke meɖo asi ɖe egbɔ o. 45 Tete atikplɔtɔwo va nunɔlagãwo kple farisitɔwo gbɔ; eye woamawo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti miekplɔe vɛ o mahã? 46 Atikplɔtɔwo ɖo ŋu bena Amea ɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o. 47 Tete farisitɔwo xɔ dzi na wo bena: Alo ɖe wòflu miawo hã mahã? 48 Ɖe amegãwo alo farisitɔwo dometɔa ɖe xɔ edzi se mahã? 49 Negbe ameha sia, si mele se la me nyam o la, koe le wo ŋuɖinu wɔm. 50 Nikodemo, si nye wo dometɔ ɖeka, amesi va egbɔ tsã la, gblɔ na wo bena: 51 Alo ɖe miaƒe se la drɔ̃a ʋɔnu ame, ne menye ɖe woase ame la ƒe numegbe gbã, eye wonyã nusi wòwɔ o mahã? 52 Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖilaa ɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o. 53 Eye amesiame yi eƒe me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana