Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yohanes 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu yɔ dɔ ƒe 38 dɔlélaa ɖe le Betesda-ta to.

1 Nusia wo megbe la Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiea ɖe ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem.

2 Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le.

3 Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. —

4 Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —

5 Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima.

6 Esi Yesu kpɔ eyama le anyimlɔƒe, eye wonyae bena, enɔ anyi alea eteƒe didi la, egblɔ nɛ bena: Ele didim bena, wò lãme nasẽ mahã?

7 Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ bena: Aƒetɔ, amea ɖeke mele asinye, bena ne woblu tsia la, wòakɔm ada ɖe ta la me o, ke ne megbɔna la, kasia ame bubu trea emedzedze nam.

8 Yesu gblɔ nɛ bena: Tsi tre, naka wò aba dzi, eye nazɔ azɔli!

9 Eye ame la ƒe lãme sẽ enumake, eye wòkɔ eƒe aba dzi hezɔ azɔli. Ke ŋkeke ma enye Sabat.

10 Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.

11 Exɔ dzi na wo bena: Amesi na nye lãme sẽ la, eya kee gblɔ nam bena:

12 Kɔ wò aba dzi, eye nazɔ azɔli. Wobiae bena: Amekae nye amesi gblɔ na wò bena: Kae dzi, eye nazɔ azɔli mahã?

13 Ke amesi ŋu woda gbe le la, menya amesi wònye o; elabena Yesu ɖe eɖokui ɖa le ameha, si le afima la ta.

14 Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.

15 Ame la to dzi heyi ɖagblɔ na Yudatɔwo bena, Yesu yenye amesi na yeƒe lãme sẽ.

16 Eye le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome, eye wodi be, yewoawui; elabena ewo nusia le Sabat dzi.


Yesu ʋli eɖokui ta.

17 Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm.

18 Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.

19 Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.

20 Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa.

21 Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.

22 Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via,

23 bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o.

24 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.

25 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.

26 Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me:

27 eye wòna ŋusẽe, be woadrɔ̃ ʋɔnu hã, elabena Amegbetɔvi wònye.

28 Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe:

29 eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.

30 Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.

31 Nye la, ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, ekema nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.

32 Ame bubue nye amesi le ɖase ɖim le ŋutinye, eye menyae bena, ɖase, si ɖim wòle le ŋutinye la, enye nyateƒe.

33 Miawo la mieɖo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase na nyateƒe la.

34 Ke nye la nyemexɔ ɖaseɖiɖi tso amè gbɔ o, ke mele nusiawo gblɔm, bena míakpɔ ɖeɖe.

35 Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.

36 Ke nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.

37 Eye Fofo, si dɔm ɖa la, eyama ɖi ɖase le ŋutinye. Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o.

38 Eye eƒe nya menɔ mia me o; elabena amesi eyama dɔ ɖa la, eya dzie miexɔ se o.

39 Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;

40 eye mielɔ̃ be, miava gbɔnye, bena míakpɔ agbe o.

41 Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o.

42 Gake menya mi bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃ la mele mia ŋutɔwo mia ɖokui me o.

43 Nye la meva le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi, eye miele xɔyem o; ɖe ame bubu lava le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔa dzi la, ne eya xɔ ge miala.

44 Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?

45 Migasusu bena, nye la matso mia nu na Fofo la o; amea ɖe li, si tsoa mia nu, eyae nye Mose, amesi dzi mietsɔ miaƒe nukpɔkpɔ ɖo.

46 Elabena ɖe miexɔ Mose dzi se la, ne miaxɔ nye hã dzinye ase; elabena eyama ŋlɔ nya ɖi le ŋutinye.

47 Ke ne miexɔ eyama ƒe ŋɔŋlɔawo dzi se o la, aleke lawɔ miaxɔ nye nyawo dzi ase mahã?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan