Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yohanes 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu ƒe nuƒoƒo kple Samaria-nyɔnu la.

1 Azɔ esi Yesu nyae bena, farisitɔwo se bena, Yesu le mawutsi dem ta na amewo, eye wòle nusrɔ̃lawo wɔm wu Yohanes la

2 gake Yesu ŋutɔ mede mawutsi ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe,

3 egblẽ Yudea ɖi, eye wògadzo heyina Galilea.

4 Ke ele nɛ be, wòato Samaria ayi.

5 Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;

6 eye Yakob ƒe vudo le afima. Eye esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, ebɔbɔ na anyi nenema ke ɖe vudo la to, anɔ gaƒoƒo adelia me.

7 Eye Samaria-nyɔnua ɖe va tsi du ge. Yesu gblɔ nɛ bena: Na ɖem mano.

8 Elabena eƒe nusrɔ̃viwo yi ɖe dua me, be woaƒle nuɖuɖu.

9 Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —

10 Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Ɖe nènya Mawu ƒe nunana la kple amesi nye amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.

11 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, tsikunu mele asiwò o, eye vudoa me goglo; afika gɔ̃ nèkpɔ agbetsi la tsoe mahã?

12 Alo ɖe nèwu mía fofo Yakob, amesi na vudo la mi, eye eya ŋuta kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi mahã?

13 Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Amesiame, si le tsi sia ƒe ɖe nom la, tsikɔ agawui;

14 ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.

15 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, na tsi siam, bena tsikɔ nagawum alo mava afisia tsi du ge o.

16 Egblɔ nɛ bena: Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia.

17 Nyɔnua xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Srɔ̃ mele asinye o. Yesu gblɔ nɛ bena: Egblɔe nyuie bena: Srɔ̃ mele asinye o;

18 elabena ŋutsu atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye amesi le asiwò fifia la, menye srɔ̃wo wònye o; èto nyateƒe le esia me.

19 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, medze sii bena, nyagblɔɖila nènye.

20 Mia fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woaɖo gbe ɖa le.

21 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, xɔm se bena, gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o.

22 Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; miawo la miedoa gbe da na nusi mienya; elabena xoxo la tso Yudatɔwo gbɔ.

23 Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbeɖoɖala siawo tɔgbe.

24 Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.

25 Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí.

26 Yesu gblɔ nɛ bena: Nye, amesi le nu ƒom kpli wò la, nyee.

27 Wole esia dzi eƒe nusrɔ̃lawo va, eye wòwɔ mo yaa na wo bena, ele nu ƒom kple nyɔnua ɖe, gake amea ɖeke megblɔ bena: Nuka dim nèle alo nuka nu ƒom nèle kplii mahã o.

28 Tete nyɔnu la gblẽ eƒe tsize ɖi, eye wòdzo yi ɖe dua me, eye wògblɔ na ameawo bena:

29 Miva kpɔ amea ɖe, si gblɔ nusiwo katã mewo kpɔ la nam; ɖe menye esia nye Kristo la oa?

30 Tete wodo go le dua me, eye wova egbɔ.

31 Le esia me la nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Rabi, va ɖu nu.

32 Ke egblɔ na wo bena: Nye la nuɖuɖu le asinye, be maɖu, si miawo mienya o.

33 Eyaŋuti nusrɔ̃lawo gblɔ na wo nɔewo bena: Ɖe amea ɖe na nanee woɖu mahã?

34 Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.

35 Menye miawoe gblɔ bena: Ɣleti ene koe susɔ, eye nuŋeɣi la laɖo o mahã? Kpɔ ɖa, mele egblɔm na mi bena: Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.

36 Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.

37 Elabena le eya me nya, si wogblɔ ɖi be: Bu dona, bu ŋena la, enye nyateƒe.

38 Nye la medo mí, be míaŋe nusi ŋuti miedze agbagba le o; ame bubuwo dze agbagba, eye miawo miege ɖe woƒe dɔwɔwɔ la me.

39 Eye tso du ma me Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu, si ɖi ɖase bena: Egblɔ nusiwo katã mewɔ kpɔ la fiãm la, ƒe nya ŋuti.

40 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ bena, wòanɔ yewo, gbɔ, eye wònɔ afima ŋkeke eve.

41 Eye ame geɖe wu xɔ edzi se le eya ŋutɔ ƒe nya ŋuti,

42 eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.


Yesu da gbe le Kapernaum aʋafia la ƒe viŋutsu ŋu.

43 Eye le ŋkeke eve megbe la edzo le afima yi ɖe Galilea.

44 Elabena Yesu ŋutɔ ɖi ɖase bena, nyagblɔɖila mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o.

45 Azɔ esi wòva Galilea la, Galileatɔwo xɔe, esime wokpɔ nusiwo katã wòwɔ le Yerusalem le ŋkekenyuie la ɖu ƒe; elabena woawo hã de ŋkekenyuie la ɖuƒe.

46 Ale wògava Kana le Galilea, afisi wòtrɔ tsi wòzu wein le. Ke fiaŋutimea ɖe li, amesi ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum.

47 Esi wose bena, Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòɖe kuku bena, neva, eye woada gbe le ye vi ŋu; elabena eɖo kudo nu.

48 Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o.

49 Fiaŋutime la gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va, hafi vinye la naku!

50 Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, viwò le agbe. Eye ame la xɔ nya, si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòyi.

51 Ke esi wòyina la, eƒe dɔlawo va kpee, eye woka eta nɛ bena: Viwò la tsi agbe.

52 Tete wòbia gaƒoƒo, si dzi wòka ɖe eme nɛ la wo tsitotsito. Eye wogblɔ nɛ bena: Etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi ŋudza la dzo le edzi.

53 Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.

54 Esia nye dzesi evelia, si Yesu wɔ, esi wòtso Yudea va Galilea.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan