Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yohanes 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Genezaret-ƒu nu.

1 Nusiawo megbe la Yesu gaɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Tiberia-ƒu la nu; eye wòɖe eɖokui fia ale:

2 Simon Petro kple Toma, si woyɔna be Venɔvi, kple Natanael tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo kpakple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame bubu eve, wole afi ɖeka.

3 Simon Petro gblɔ na wo bena: Meyina to ƒo. Wogblɔ nɛ bena: Míawo hã míayi kpli wò. Wodo go, eye woɖo ʋu la, eye womeɖe naneke le zã ma me o.

4 Ke esi fɔŋli ɖo la, Yesu le tsitre ɖe ƒu la nu; gake nusrɔ̃lawo menyae bena, Yesu ye o.

5 Tete Yesu gblɔ na wo bena: Ɖeviwo lee, lã mele mia si o mahã? Woɖo ŋu nɛ bena: O!

6 Egblɔ na wo bena: Miɖi ɖɔ la ɖe ʋu la ƒe nuɖusi me, eye miaɖee. Tete woɖii, eye womete ŋu le ehem o le lã geɖe, si wode la ŋuti.

7 Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.

8 Ke nusrɔ̃la bubuawo le ʋuvi la me va; elabena woawo kple gota dome medidi o, anɔ abɔ alafa eve ko, eye wole ɖɔ, si yɔ fũ kple lãwo la hem.

9 Eye esi woɖi go la, wokpɔ akadzo le afima, eye lã kple abolo le edzi.

10 Yesu gblɔ na wo bena: Mitso lã, si mieɖe fifia la, ƒe ɖe vɛ.

11 Simon Petro yi ɖalia ʋu la, eye wòhe ɖo la va gota, eye wòyɔ fũ kple lã gã alafa kple blaatɔ̃ vɔ etɔ̃, eye esi wosɔ gbɔ ale hã la, ɖo la medze o.

12 Yesu gblɔ na wo bena: Miva ɖu nu. Ke nusrɔ̃lawo dometɔa ɖeke medo dzi biae bena: Ameka nènye mahã o, elabena wonyae xoxo bena, Aƒetɔ lae.

13 Yesu va, eye wòtsɔ abolo la na wo kple lã la hã nenema ke.

14 Esia enye zi etɔ̃lia, si Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.


Yesu bla nya Petro, eve wogblɔ nya ɖi le eya kple Yohanes nu.

15 Azɔ esi woɖu nu vɔ la, Yesu gblɔ na Simon Petro bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu nenem me siawo mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽviawo.

16 Egagblɔ nɛ zi evelia bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Kpo nye alẽawo dzi.

17 Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.

18 Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Esime nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ esaa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò, eye nèyia afisi ke nèlɔ̃na; ke ne èku amegã la, amlo wò abɔwo me, eye ame bubu asa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakplɔ wò ayi afisi melɔ̃na o.

19 Ke egblɔ esia, bena wòatsɔ afia ku, si ƒomevi ku ge wòala akafu Mawui. Esi wògblɔ esia la, egblɔ nɛ bena: Dze yonyeme!

20 Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã?

21 Azɔ esi Petro kpɔ eyama la, egblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ke amesia ɖe?

22 Yesu gblɔ nɛ bena: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wotsɔa? Wò la dze yonyeme!

23 Tete nya sia ɖo nɔviawo dome bena, nusrɔ̃la ma mele kuku ge o; eye Yesu megblɔ ne bena, mele kuku ge o, ke boŋ: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?


Agbalẽ la ƒe nuwuwunyawo.

24 Amesia nye nusrɔ̃la, si le ɖase ɖim le nusiawo ŋuti, eye wòŋlɔ nya siawo, eye míenyãe bena, eƒe ɖaseɖiɖi lanye nyateƒe.

25 Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ lãgbalẽ, siwo ŋlɔ ge wòala o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan