Yohanes 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuɖu le Kana. 1 Eye le ŋkeke etɔ̃agbe la woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyuie le Kana, le Galilea, eye Yesu ɖada le afima; 2 eye wokpe Yesu hã kple eƒe nusrɔ̃lawo va srɔ̃ɖeƒe. 3 Eye esi wein mede wo nu o la, Yesu dada gblɔ nɛ bena: Wein mele wo si o. 4 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o. 5 Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe. 6 Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃. 7 Yesu gblɔ na wo bena: Midu tsi ɖe zɔawo me. Eye woɖui ɖe wo me vaseɖe keke wo to ke. 8 Eye wògblɔ na wo bena: Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la. Eye wokui yi nɛ. 9 Ke esi nuɖuɖudzikpɔla la ɖo tsi, si trɔ zu wein, kpɔ la, — eye menya afisi wòtso o, hafi subɔla, siwo ku tsi la vɛ la, woawo nyae — tete nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, 10 eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi. 11 Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se. 12 Esia megbe la eya kple dadaa kple nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe Kapernaum, eye wono afima ŋkeke geɖewo. Gbedoxɔ me dzadzraɖo gbãtɔ. 13 Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem. 14 Eye wòkpɔ amesiwo le nyiwo kple alẽwo kple akpakpawo dzram kpakple amesiwo le ga ɖuɖɔm la bɔbɔ nɔ anyi le mawuƒe la me. 15 Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi; 16 eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o! 17 Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“ 18 Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã? 19 Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu. 20 Azɔ Yudatɔwo gblɔ bena: Mawuxɔ sia tutu xɔ ƒe blane vɔ ade sɔŋ, eye wò la àgagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃agbe mahã? 21 Ke eya la ƒo nu le eƒe ŋutilã ƒe mawuxɔ ŋuti. 22 Eye esi wòtsi tre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi bena, egblɔ esia ɖi, eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya, si Yesu gblɔ la, dzi se. 23 Eye esi wòle Yerusalem le ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuƒe la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se, esi wokpɔ eƒe dzesi, siwo wòwɔ. 24 Ke Yesu ŋutɔ medo ŋu ɖe wo ŋu o; elabena edze si wo katã; 25 eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana