Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yohanes 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu le Pilato le ŋku me eƒoƒo kple atam kple ŋukukuɖɔɖɔ ŋu.

1 Tete Pilato tso Yesu na woƒo kple atam.

2 Eye asrafoawo tso ŋu he tsihe, eye wotsɔe ɖo nɛ, eye wodo awu dzi nɛ:

3 eye wova egbɔ gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tome nɛ.

4 Pilato gado go, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, mekplɔe do go vɛ na mi, ne miadze sii bena, nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.

5 Ale Yesu do go, ŋutsihe la le eta, eye awu dzi la hã le eŋu enye esi. Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ amea ɖa!

6 Eye esi nunɔlagãwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti! Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplae yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti, elabena nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.

7 Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.

8 Eye esi Pilato se nya sia la, evɔ̃ wu tsãtɔ;

9 eye wòyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe lɔ, eye wògblɔ na Yesu bena: Afika nètso? Ke Yesu meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.

10 Pilato gblɔ nɛ bena: Mele nu ƒo ge nam oa? Mènyae bena, mekpɔ ŋusẽ be, maɖe asi le ŋuwò, eye mekpɔ ŋusẽ be, maklã wò ɖe ati ŋuti oa?

11 Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.

12 Tso esia dzi la Pilato di be, yeaɖe asi le eŋu; ke Yudatɔwo do ɣli gblɔ bena: Ne ekatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema menye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tso eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.

13 Azɔ esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi le teƒe, si woyɔna be Kpenyigba, eye le Hebri-gbe me la enye Gabata.

14 Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!

15 Ke woawo do ɣli gblɔ bena: Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti. Pilato gblɔ na wo bena: Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia? Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ bena: Fiãa ɖeke mele mia si o, negbe kaisaro ko.


Woklã Yesu ɖe ati ŋu. Yesu le nya mamleawo.

16 Tete wòdee asi na wo, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.

17 Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;

18 afisi woklãe ɖe ati ŋu le, eye ame bubu eve hã kpe ɖe eŋuti, le eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu le titina.

19 Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la.

20 Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me.

21 Tete Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato bena: Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ bena eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye.

22 Pilato ɖo ŋu bena: Nusi meŋlɔ la, mèŋlɔe xoxo.

23 Azɔ esi asrafoawo klã Yesu ɖe ati ŋuti vɔ la, wotsɔ eƒe awuwo, eye womã wo ɖe akpa ene me, asrafo ɖeka xɔ ɖeka, kple awu ʋlaya la hã; ke awu ʋlaya la le matɔmatɔ, wolɔ̃e blibo tso tagbɔ vaseɖe egɔme.

24 Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Migana miadze eya o, ke boŋ miadzidze nu ɖe edzi, amesi tɔ woazu, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu, si gblɔ bena: „Womã awunyewo na wo nɔewo, eye nye awu ʋlaya la wodzidze nu ɖe edzi.“ Nenem nusiawo asrafoawo wɔ.

25 Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe atitsoga la gbɔ.

26 Eye esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔla, si wolɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!

27 Emegbe la egblɔ na nusrɔ̃la ma bena: Kpɔ ɖa, dawòe nye esi! Eye tso gaƒoƒo ma ke dzi la nusrɔ̃la la kplɔ eyama yi ye ŋutɔ ƒe me.

28 Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!

29 Eye nane le afima, si me aha tsitsi le fũ, tete wotsɔ ƒumekutsa, si me wode aha tsitsii fũ la, lɔ ɖe ayeti nu heɖo nu nɛ.

30 Eye esi Yesu xɔ aha tsitsia la, egblɔ bena: Wowu nu vɔ! Eye wòde ta anyi, eye wòtsɔ gbɔgbɔ la na.

31 Azɔ esi wònye dzadzraɖoŋkeke la, Yudatɔwo bia Pilato bena, woaŋe woƒe afɔwo, eye ne woaɖe wo ɖa, bena ame kukuwo nagatsi atitsoga ŋu le Sabat dzi o; elabena Sabat gãe nye ŋkeke ma.

32 Tete asrafoawo va, eye wòŋe gbãtɔ ƒe afɔwo kple kɔtoetɔ, si woklã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋuti la, hã tɔ;

33 ke esi wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ bena, eku xoxo la, womeŋe eƒe afɔwo o;

34 ke boŋ asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ eƒe axada me, eye enumake ʋu kple tsi do go.

35 Eye amesi kpɔe la, ɖi ɖase, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nyae bena, yegblɔ nyateƒe, bena miawo hã miaxɔe ase.

36 Elabena nusiawo va ve me, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Wo-mele eƒe ƒua ɖeke ŋe ge o!“

37 Eye ŋɔŋlɔ bubu gagblɔ bena: „Woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi!“


Yesu ɖiɖi.

38 Eye nusiawo megbe la Yosef tso Arimatia, amesi nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adza me le vovɔ̃ na Yudatɔwo ta la, bia Pilato bena, yeaɖe Yesu ƒe kuku la ɖe anyi, eye Pilato na mɔe. Tete wòva, eye wòɖe Yesu ƒe kuku la ɖe anyi.

39 Eye Nikodemo, amesi va Yesu gbɔ le zã me gbã la, hã va, eye wòtsɔ mire kple aloe, anɔ pounde alafa ɖeka nu hetɔtɔ ɖe asi vɛ.

40 Tete wotsɔ Yesu ƒe kuku la, eye wobiae ɖe aklala me kple atike ʋeʋẽe la, abe alesi Yudatɔwo wona ɖia amee ene.

41 Ke abɔa ɖe le teƒe, si woklã Yesu ɖo la, eye yɔdo yeyea ɖe, si me amea ɖeke memlɔ kpɔ o la, le abɔ ma me.

42 Afima wotsɔ Yesu mia, le Yudatɔwo ƒe dzadzraɖoŋkeke la ta; elabena yɔdo la gbɔ medidi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan