Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yohanes 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu ƒe gbedodoɖa ɖe eɖokui, nusrɔ̃lawo kple hame la ta.

1 Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.

2 Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.

3 Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.

4 Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si netsɔ nam, be mawɔ la nu.

5 Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.

6 Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe tso xexeame nam. Towo wonye, eye netsɔ wo nam, eye wole wò nya la me ɖe asi.

7 Fifi ko wonyã bena, nusiwo katã nètsɔ nam la, gbɔwò wotso;

8 elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.

9 Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o: ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; elabena tɔwo wonye:

10 eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwo hã tɔnyee, eye wokɔ ŋutinye le wo me.

11 Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!

12 Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.

13 Ke azɔ la megbɔna gbɔwò, eye mele nusiawo gblɔm le xexeame, bena nye dzidzɔ la nanɔ wo me, ayɔ wo fũ.

14 Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.

15 Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.

16 Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.

17 Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe?

18 Sigbe alesi nedɔm ɖo ɖe xexeame ene la, nenema ke nye hã medɔ wo ɖo ɖe xexeame.

19 Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.

20 Ke menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu;

21 bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.

22 Eye nye la, ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam la, metsɔe na wo, bena woazu ɖeka, sigbe alesi miawo hã míele ɖeka ene.

23 Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene.

24 Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.

25 Fofo dzɔdzɔe, xexeame menya wò o, ke nye la menya wò, eye amesiawo hã wonyã bena, wòe dɔm ɖa;

26 eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã mana woawo me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan