Yohanes 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu klɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti. 1 Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu. 2 Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ, 3 esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la, 4 etsi tre le nua ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awu da ɖi, eye wòtsɔ tsiletse sa ɖe ali. 5 Tete wòtrɔ tsi ɖe tsileze me, eye wòde asi eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti kɔklɔ me, eye wòle wo tutum kple tsiletse, si wosa ɖe ali. 6 Azɔ wòva ɖo Simon Petro gbɔ. Eya gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ ŋuti nam mahã? 7 Yesu ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nusi ke wɔm mele la, menyae fifia o; ke emegbe la ase egɔme. 8 Petro gblɔ nɛ bena: Wò la màklɔ nye afɔwo ŋuti akpɔ o. Yesu xɔ dzi ne bena: Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mele gomea ɖeke kpɔ ge le gbɔnye o. 9 Simon Petro gblɔ ne bena: Ekema menye nye afɔwo ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ nye asiwò kple nye la hã. 10 Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi le tsi la, afɔ ŋuti kɔklɔ koe hiã nɛ; elabena eŋuti blibo la katã ɖi; eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o 11 Elabena enya amesi le eyome mɔ fia ge; eyaŋuti wògblɔ bena: Menye mi katã ŋutie ɖi o. 12 Eye esime wòklɔ woƒe siawo ŋuti vo, eye wòdo eƒe awuwo, eye wògabɔbɔ nɔ anyi la, egblɔ na wo bena: Mienya nusi mewo na mia? 13 Mieyɔam bena: Nufiala kple Aƒetɔ, eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye. 14 Azɔ la ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti. 15 Elabena mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene. 16 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o. 17 Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi. 18 Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“ 19 Tso esia dzi la mele egblɔm na mi, hafi wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase bena nyee. 20 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa amesi ke medo ɖa la, nyee wòxɔ, eye amesi xɔam la, exɔa amesi dɔm ɖa. Yesu fia asi eyome mɔfiala. 21 Esi Yesu gblɔ esiawo la, eʋuʋu kpẽkpẽkpẽ le gbɔgbɔ me, eye wòɖi ɖase gblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dometɔ ɖeka lafia yonyeme mo 22 Tete nusrɔ̃lawo kpɔ wo nɔewo ƒe ŋku me hele dzodzodzoe wɔm le amesi ŋu wògblɔ esia ɖo la ŋuti. 23 Eye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si Yesu lɔ̃na la, via ɖe ekɔme. 24 Tete Simon Petro mia ŋku ɖee, eye wògblɔ nɛ bena: Biae, amesi ŋuti wògblɔ esia ɖo. 25 Azɔ ame ma bi kɔ do ɖe Yesu ƒe akɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, amekae? 26 Yesu, ɖo ŋu bena: Amesi ke matsɔ alɔgomedede ɖeka asisi detsi nɛ la, eyae. Azɔ esi wòtso alɔgomedede ɖeka sisi detsi la, etsɔe na Yuda Iskariot, Simon vi la. 27 Eye le alɔgomedede la megbe la, tete Abosam yi ɖe eyama me. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba. 28 Ke kplɔ̃ŋutinɔlawo dometɔa ɖeke menya nusi ŋuti wògblɔ esia ne ɖo, o. 29 Elabena ɖewo bu xa bena, esi gakotoku la le Yuda si la, eyata Yesu gblɔ nɛ bena: Ele nusiwo miehiã la, hena ŋkekenyuie la ɖuɖu, alo bena netsɔ nane na ame dahewo mahĩ. 30 Tete esi wòxɔ alɔgomededea la, edo go enumake; eye zã do. Yesu na se eve eƒe nusrɔ̃lawo, eye wogblɔ Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ɖi nɛ. 31 Azɔ esi wòdo go la, Yesu gblɔ bena: Fifi ko wokɔ Amegbetɔvi la ŋuti, eye wokɔ Mawu ŋuti le eyama me; 32 ne wokɔ Mawu ŋuti le eya me la, ekema Mawu hã akɔ eyama ŋuti le eya ŋutɔ ɖokui me, eye enumake wòakɔ eŋuti. 33 Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ. 34 Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. 35 Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo míenye, ne lɔlɔ̃ le mia dome 36 Simon Petro gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, afika nèyina? Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Afisi nye la meyina la, mele ŋule ge adze yonyeme fifia o; ke emegbe la adze yonyeme. 37 Petro gblɔ ne bena: Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi, ɖe tawò. 38 Yesu ɖo ŋu bena: Atsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Koklo maku atɔ, hafi nagbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana