Yohanes 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amisisi na Yesu le Betania. 1 Azɔ ŋkeke ade hafi ŋutitoto la naɖo la, Yesu va Betania, afisi Lazaro, si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la le. 2 Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka. 3 Tete Maria tsɔ nardomi nyuitɔ pounde ɖeka nu, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, hesi de Yesu ƒe afɔwo ŋuti, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa: eye aƒea me yɔ fũ kple ami la ƒe ʋeʋẽ lilili la. 4 Tete Yuda Iskariot, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, amesi le eyome ma fia ge la, gblɔ bena: 5 Nukaŋuti womedze ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã? 6 Ke egblɔ esia, menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wotsɔna dana ɖe eme. 7 Tete Yesu gblɔ bena: Na mɔe, edzrae ɖo ɖi na nye ɖigbe. 8 Elabena ame dahewo li kpli mi ɖaa; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o. 9 Tete la Yudatɔwo ƒe ameha geɖeawo se eŋkɔ bena, ele afima, eye wova, menye ɖe Yesu ɖeɖeko ta o; ke boŋ, bena woakpɔ Lazaro hã, amesi wòfa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 10 Ke nunɔlagãwo ɖo bena, yewoawu Lazaro hã; 11 elabena le eyama ta Yudatɔwo dome ame geɖewo dzo yi, eye woxɔ edzi se ɖo. Yesu ƒe Yerusalem nyi. 12 Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la, 13 wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la. 14 Ke Yesu kpɔ tedzivia ɖe, eye wòde edzi, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: 15 „Megavɔ̃ o, Zion vinyɔnuvi, kpɔ ɖa, wò fia la nɔ tedzivia ɖe dzi gbɔna!“ 16 Eƒe nusrɔ̃lawo mese nusiawo gɔme gbã o; ke esi wokɔ Yesu ŋuti la, tete woɖo ŋku edzi bena, woŋlɔ nu siawo ɖi le eŋuti, eye bena wowɔ nusiawo nɛ. 17 Azɔ ameha, si le eŋuti la, ɖi ɖase bena, eya Lazaro tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 18 Eyaŋuti ameha la hã yi ɖakpee, elabena wose bena, ewo dzesi sia. 19 Tete farisitɔwo gblɔ le wo nɔewo dome bena: Miekpɔ bena, miete ŋu le naneke wɔm o; kpɔ ɖa, xexeame katã dze eyome. Helatɔwo di bena, yewoakpɔ Yesu, Yesu ƒo nu le eƒe ku ƒe viɖe ŋu. 20 Ke Helatɔa ɖewo le amesi wo yina gbe do ge ɖa le ŋkekenyuiea ɖuƒe la dome; 21 amesiawo va Filipo, si tso Betsaida le Galilea la gbã, eye woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, miele didim be, míakpɔ Yesu ɖa. 22 Filipo va, eye wògblɔe na Andrea, eye Andrea kple Filipo woyi ɖagblɔe na Yesu 23 Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti. 24 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye woku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe. 25 Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ. 26 Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu. 27 Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo. 28 Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti. 29 Azɔ ameha, siwo le tsitre, eye wosee la, gblɔ bena: Dzie ɖe gbe, bubuwo gblɔ bena: mawudɔlaa ɖee ƒo nu kplii. 30 Yesu xɔ dzi bena: Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae. 31 Azɔ xexe sia me ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖo: fifi ko woatsɔ xexe sia me fia la aƒu gbe. 32 Eye nye la, ne woakɔm ɖe dzi tso anyigba dzi la, mahe amewo katã ava nye ŋutɔ gbɔnye. 33 Ke egblɔ esia hefiã ku, si ƒomevi ku ge wòala. 34 Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia? 35 Tete Yesu gblɔ na wo bena: Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi viaɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o; eye amesi le azɔli zɔm le viviti me la, menyaa afisi wòyina o. 36 Esi kekeli la le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, bena míazu kekeli ƒe viwo Nusiawo Yesu gblɔ, eye wòdzo yi ɖaɣla eɖokui ete wo. Yudatɔwo ƒe dzimaxɔe. 37 Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o, 38 bena woawu nya, si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi la nu bena: „Aƒetɔ, ameka xɔ miaƒe nyagbɔgblɔ la dzi se mahã? Eye ameka woɖe Aƒetɔ ƒe abɔ la fia mahã?“ 39 Le esia ta womete ŋu xɔe se o; elabena Yesaya gagblɔ bena: 40 „Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dzi sẽ, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo, eye woase nu gɔme kple dzi, eye woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“ 41 Nusiawo Yesaya gblɔ, elabena ekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe la, eye wòƒo nu le eŋu. 42 Ke amegãwo dometɔ geɖewo xɔ edzi se; gake la le farisitɔwo ta la womeʋu eme o, bena woagaɖe yewole ha me o; 43 elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu. 44 Ke Yesu do ɣli, eye wògblɔ bena: Amesi xɔa dzinye sena la, menye dzinye xɔm wòle le sesem o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la dzie. 45 Eye amesi le kpɔyem la, ele amesi dom ɖa la kpam. 46 Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o. 47 Eye ne amea ɖe sea nye nyawo, eye medzra wo ɖo o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva, be madrɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ bena maɖe xexeame. 48 Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi. 49 Elabena nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem. 50 Eye menya bena, eƒe se la enye agbe mavɔ. Eyaŋuti nusiwo ƒe nu meƒona, abe alesi Fofo la gblɔ nam ene la, nenema me, ƒoa nui. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana