Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yohanes 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.

1 Eye amea ɖe le dɔ lém, eŋkɔe nye Lazaro tso Betania, si nye Maria kple nɔvianyɔnu Marta ƒe kɔƒe la.

2 Eye eya enye Maria, si tsɔ ami ʋeʋẽe si na Aƒetɔ la, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa, amesia ƒe nɔviŋutsu enye Lazaro, si le dɔ lém la.

3 Eyaŋuti nɔvianyɔnuawo ɖɔ ame ɖo de egbɔ hegblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi mèlɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.

4 Eye esi Yesu see la, egblɔ bena: Dɔ sia menye kudɔe o, ke boŋ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, bena woakɔ Mawuvi la ŋuti to eyama me.

5 Eye Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro.

6 Eye esi wose bena, ele dɔ lém la, etsi afisi wòle la xɔ ŋkeke eve.

7 Esia megbe la egblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne míagayi ɖe Yudea.

8 Nusiawo gblɔ ne bena: Rabi, nyitsɔ laa Yudatɔwo ɖi be, yewoaƒu kpe wò, eye nègale afima yi gea?

9 Yesu ɖo ŋu bena: Alo menye gaƒoƒo wuievee le ŋkeke ɖeka me oa? Ne amea ɖe zɔ le ŋkeke me la, meklia nu o, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli la kpɔm.

10 Ke ne amea ɖe zã zã la, eklia nu, elabena kekeli la mele eyama me o.

11 Esiawo wògblɔ, eye le esia megbe la egblɔ na wo bena: Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la mieyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me.

12 Tete nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.

13 Ke Yesu ƒo nu le eƒe ku ŋuti; ke woa wobu xa bena, eƒo nu le alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ ŋuti.

14 Azɔ Yesu ʋu me na wo faa bena: Lazaro ku.

15 Eye dzi dzɔm le mia ta bena, nyemele afima o, be miaxɔ ase; ke mina, ne míayi ɖe egbɔ.

16 Tete Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na nɔvia nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne miawo hã míayi, bena miaku kpakplii.

17 Azɔ esi Yesu de la, ekpɔ bena, exɔ ŋkeke ene xoxo le yɔ-doa me.

18 Ke Betania te ɖe Yerusalem ŋu, eƒe didime anɔ stadio wuiatɔ̃;

19 eye Yudatɔwo dome ame geɖewo va Marta kple Mana gbɔ, bena yewoafa akɔ na wo le wo nɔvi la ŋuti.

20 Ke esi Marta se bena, Yesu gbɔna la, eyi ɖakpee, eye Mana tsi aƒea me.

21 Tete la Marta gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.

22 Gake azɔ hã menyae bena, nusi ke nabia Mawu la, Mawu ana wò.

23 Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔviwò la atsi tre.

24 Marta gblɔ nɛ bena: Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.

25 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;

26 eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema?

27 Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.

28 Eye esi wògblɔ esia la, etɔ edzi yi ɖayɔ nɔvianyɔnu Maria dzaa, eye wògblɔ bena: Nufiala va, eye wòle yɔwòm.

29 Esi eyama see la, etsi tre kaba, eye wòva egbɔ. —

30 Eye Yesu mekpɔ va kɔƒea me haɖe o, ke boŋ egale afisi Marta yi ɖakpee le la ko. —

31 Azɔ Yudatɔ, siwo le aƒea me kplii, eye wole akɔ fam nɛ la, esi wokpɔ bena, Maria tsi tre kaba do go la, wodze eyome hele susum bena, eyina yɔdo la gbɔ, bena yeafa avi le afima.

32 Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.

33 Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, edo dɔmedzoe le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu,

34 eye wòbenã: Afika mietsɔe yi damlɔ mahã? Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va kpɔe.

35 Yesu fa avi.

36 Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ ɖa!

37 Ke wo dometɔa dewo bena: Ame sia, si ʋu ŋkuagbãtɔ ƒe ŋkuwo la, de mete ŋu wɔ, bena amesia hã nagaku o mahã?

38 Tete Yesu gale dɔmedzoe dom le eɖokui me heva yɔdo la gbɔ. Ke enye ɖo, eye kpe le enu.

39 Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.

40 Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?

41 Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom.

42 Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa.

43 Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!

44 Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.


Nunɔlagãwo de adaŋu le alesi woawɔ awu Yesu la ŋuti.

45 Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖe, siwo va Maria gbɔ, eye wokpɔ nusiwo Yesu wɔ la, woxɔ edzi se.

46 Ke wo dometɔa ɖewo tɔ edzi yi farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nusiwo Yesu wɔ la, na wo.

47 Tete la nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.

48 Ne miena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ miaƒe anyigba kple miaƒe dukɔ le mia si.

49 Eye wo dometɔ ɖeka, Kayafa, si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, gblɔ na wo bena: Miawo mienya naneke kulẽ o,

50 eye miedea ŋugble ɖe eme hã o bena, enyo na mí bena, ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta, eye bena dukɔ blibo la nagatsrɔ̃ o.

51 Gake megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ, esi wònye nunɔlagã le ƒe ma me la ŋuti, wògblɔ nya ɖi bena, Yesu laku ɖe dukɔ la ta;

52 eye menye de dukɔ la ta ɖeɖeko o, ke boŋ, bena wòaƒo mawuvi, siwo kaka la, nu ƒu ɖekae.

53 Azɔ tso ŋkeke ma dzi la wodo bena, yewoawui.

54 Eyaŋuti Yesu megatsana le Yudatɔwo dome le gaglãgbe o, ke boŋ edzo le afima yi anyigba, si te ɖe gbedzi ŋu la dzi, ɖe dua ɖe, si woyɔna be Efrayim la me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo tsi afima.

55 Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la do, eye ame gedewo dzo le anyigba la dzi heyi Yerusalem, bena wòakɔ wo dokui ŋuti, hafi ŋutitoto la naɖo.

56 Eye wodi Yesu, eye woƒo nu kple wo nɔewo, esi wole tsitre le mawuƒe la me bena: Nuka susum miele, de megbɔna ŋkekenyuie la duƒe o mahã?

57 Ke nunɔlagãwo kple farisitɔwo de se ɖi bena, ne amea de nya afisi wòle la, nefia, ne yewoayi aɖalée.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan