Yohanes 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Alẽkplɔla nyui la kple eƒe alẽwo. 1 Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala. 2 Ke amesi toa agboa nu heyina ɖe eme la, alẽwo ƒe kplɔla wònye. 3 Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. 4 Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe. 5 Ke womele ame futɔ yome dze ge o, ke boŋ wòasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o. 6 Lo sia Yesu do na wo; ke ame mawo mese nusiwo wògblɔ na wo la gɔme o. 7 Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo. 8 Ame geɖe alesi tre vava nam la, wo katã fiafitɔwo kple adzodalawo wonye; ke alẽawo meɖoa to woamawo o. 9 Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe. 10 Fiafi la mevana o, ne menye le fififi kple wuwu kpakple gbegblẽ ta o. 11 Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ. 12 Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ; 13 esina, elabena agbatedɔwɔla wònye, eye meléa be na alẽawo o. 14 Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam; 15 sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta. 16 Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka. 17 Le esia ta Fofo la lɔ̃am ɖo; elabena nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe. 18 Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ. 19 Tete mamã gaɖo Yudatɔwo dome le nya siawo ta. 20 Eye wo dome ame geɖewo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye eƒe tame da; nukaŋuti miele to ɖomi mahã? 21 Bubuwo gblɔ bena: Nenem nya siawo la menye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, ƒe nyawo o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋkuwo na ŋkuagbãtɔwo mahã? Yesu ƒe nyagbɔgblɔ le gbedoxɔ ŋu kɔƒe. 22 Eye mawuxɔ ƒe ɖɔɖɔɖoŋkekenyuie ɖo le Yerusalem, eye wònye vuvɔŋɔli; 23 eye Yesu le tsa ɖim le mawuƒea le Salomo ƒe akpata la me. 24 Tete la Yudatɔwo va ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi dzi nana miaƒe luʋɔ natsi dzodzodzoe ase ɖo mahã? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi faa. 25 Yesu ɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi, eye miexɔe se o: dɔ, siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye. 26 Ke miawo miele exɔm le sesem o: elabena miawo míenye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene. 27 Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; 28 eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o. 29 Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o. 30 Mia kple Fofonye la ɖekae míele. 31 Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui. 32 Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã? 33 Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui. 34 Yesu xɔ dzi na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖe miaƒe se la me o bena: „Me bena: mawuwo míenye“ mahã? 35 Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o; 36 amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã? 37 Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38 Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me. 39 Tete wogadi bena, yewoalée, ke edo le wo si me heyi. 40 Eye wògadzo yi ɖe Yordan godo, afisi Yohanes de mawutsi ta na amewo le gbã, eye wònɔ afima. 41 Eye ame geɖewo va egbɔ, eye wògblɔ bena: Yohanes mewɔ dzesia ɖeke o, gake nusiwo katã Yohanes gblɔ le amesia ŋuti la, wonye nyateƒe. 42 Eye ame geɖewo xɔ edzi se le afima. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana