Yoel 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ʋetsuviwo ƒe fuɖename xexlẽ fia dziyiyi. 1 Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe! 2 Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o. 3 Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o. 4 Woƒe mo le abe sɔwo ƒe mo ene, eye wole du dzi abe sɔɖolawo ene. 5 Wole kpo dim le towo ta me abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene; wole zi nyẽm, abe alesi dzo fiãa gbe ƒuƒui ene, eye wodze aʋa abe aʋakɔ gãa ɖe ene. 6 Dukɔwo dzo nyanyanya le eŋgɔ, eye mowo katã fu tititi. 7 Wole du dzi abe kalẽtɔwo ene, eye wole gli liam abe aʋamewo ene, wo dometɔ ɖesiaɖe lé eƒe mɔ tsɔ, eye womeɖɔa li woƒe toƒewo o. 8 Wo dometɔa ɖeke memimi nɔvia ɖo o, amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; wode ta aŋutrɔwo me, ke womexɔ abi o. 9 Wole tsa glãla tsam le dua me, eye wole du ƒum le gli dzi, woge ɖe xɔwo me, eye wòto fesrenu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene. 10 Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi. 11 Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu? Nuxɔxlɔ̃ hena dzimetɔtrɔ. 12 Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye! 13 Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ. 14 Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la. 15 Miku kpẽ le Zion, miɖo nutsitsiɖɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! 16 Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me. 17 Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã? Yayra yeye ŋugbedodo. 18 Tete Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu, eye wòkpɔ nublanui na eƒe dukɔ la. 19 Eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ na eƒe dukɔ bena: Kpɔ ɖa, maɖo bli, aha yeye kple ami ɖe mi, ne miaɖu aɖi ƒo, eye nyemagana ŋu nakpe mi le dukɔwo dome azɔ o. 20 Maɖe anyiehetɔ la ɖa le mia ŋu, ahanyãe aɖo ɖe kuɖinyigba dzi kple gbegbe, atrɔ ta ade ɣedzeƒeƒu, eye wòatrɔ agɔmegbɔ ade ɣetoɖoƒeƒu, eye wòaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm, elabena ewo nu eteƒe mekɔ o. 21 Anyigba, megavɔ̃ o, tso aseye, eye nakpɔ dzidzɔ, elabena Yehowa le nu gã wo ge. 22 Mi gbemelãwo, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒe ƒe gbewo ade ama; elabena atiwo atse, eye kutsetsewo ado agba ɖe gboti kple weinka dzi. 23 Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpo dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atso tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsa ene. 24 Lu ayɔ lugbɔƒe fũ, eye aha yeye kple ami ado agbogbo ɖe ahafiãƒe. 25 Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu. 26 Miaɖu nu aɖi ƒo, eye miakafu Yehowa, mia Mawu, amesi wo nukunu ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔ, eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o. 27 Eye miadze si be, mele Israel dome, nyee nye Yehowa, mia Mawu la, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o; eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana