Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yoel 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ʋetsuviwo ƒe fuɖename, si nye kpɔdzidze na Aƒetɔ la ƒe vava.

1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yoel, Petuel vi.

2 Mi amegã ɖeɖiwo, mise nya sia, eye mi anyigbadzitɔwo katã, miƒu to anyi! Ɖe esia tɔgbe dzɔ le mia ŋɔli alo le mia fofowo ŋɔli kpɔa?

3 Mixlẽe fia mia viwo, mia viwo naxlẽe afia wo viwo, eye wo viwo naxlẽe afia wo megbeviwo!

4 Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.

5 Mi ahamulawo, minyɔ, eye mifa avi! Mi weintsunolawo katã, mixa nu ɖe aha yeye ŋu, elabena woɖee le nu me na mi.

6 Elabena dukɔa ɖe ho va nye anyigba dzi, ŋusẽ le eŋu, eye wòsɔ gbɔ kpaŋ, eƒe aɖuwo le abe dzatatsu ƒe aɖu ene, eye eƒe tsyo le abe dzatanɔ tɔ ene.

7 Egblẽ nye weinkawo, eye wòŋe nye gbɔtiwo, eflo tsro le wo ŋu hetsɔ wo ƒu anyi, eye woƒe kawo fu ɣie.

8 Xa nu abe ɖetugbi, si ta akpanya ɖe eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ŋu la ene!

9 Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le Yehowa ƒe me; nunɔla, siwo subɔa Yehowa la, le konyi fam.

10 Agble zu gbegbe, eye anyigba le nu xam, elabena bli gblẽ, aha yeye no ƒiaƒiaƒia, eye ami ƒu kplakplakpla.

11 Ŋukpe lé agbledelawo, eye weingbledelawo le nu xam le lu kple ƒo ta, elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.

12 Weinka ku, eye gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, keke detiwo kple atɔtɔŋutitiwo kpakple agblemetiwo katã ke hã; dzidzɔkpɔkpɔ nu tso, le amegbetɔviwo dome.


Konyifafa kple kukuɖeɖe.

13 Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.

14 Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!

15 Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.

16 Ɖe wometsi nuɖuɖu nu le mía ŋku me, eye dzidzɔ kple aseyetsotso nu le mía Mawu ƒe me oa?

17 Blikuwo lé akpɔ̃ ɖe to me, avawo ɖi ƒuƒlu, eye nuɖzraɖoƒewo mũ; elabena bliwo tsi tonu.

18 Lãwo le xɔxlɔ̃m, eye nyihawo le tsa glãla tsam, elabena gbeɖuƒea ɖeke meli na wo o; nu ti kɔ na alẽhawo hã.

19 Yehowa, wò yɔm mele; elabena dzo bi lãnyiƒewo ƒe gbewo, eye dzoƒaɖe fia agblemetiwo katã.

20 Gbemelãwo hã le xɔxlɔ̃m na wò, elabena toʋuwo mie, eye dzo bi lãnyiƒewo ƒe gbewo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan