Yesaya 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mesia dzidzi, eŋkɔ kple eƒe fiaɖuƒe. 1 Dukɔ, si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gãa ɖe, amesiwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ ɖe wo dzi. 2 Edzi dukɔ la ɖe edzi, eye nena dzidzɔ do gã; wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwò me, abe alesi wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene, abe alesi wotsoa aseye, ne wòmã aboyonu ene. 3 Elabena èŋe woƒe agba ƒe kɔkuti, ati, si le woƒe kɔʋu me, kple wo kplɔlawo ƒe ati, abe Midian ŋɔli ene. 4 Elabena wòtɔ dzo amesiwo ƒo aʋazi la ƒe afɔkpawo katã kple awu, siwo wobliba ɖe ʋu me la, eye dzo afiã wo. 5 Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia, 6 ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe. Ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel. 7 Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi, 8 ne dukɔ blibo la nadze sii hekpe ɖe Efrayim kple Samaria-tɔwo ŋu, amesiwo nɔa gbɔgblɔm le adegbeƒoƒo kple dàda me be: 9 „Anyikpewoe mũ dze anyi, ke miatsɔ gãwo atui, gbotiwoe wolã, ke míado sedertiwo ɖe wo teƒe.“ 10 Eye Yehowa do Rezin ƒe ketɔwo ɖe dzi ɖe eŋu, eye wòde akiti lã me na eƒe futɔwo: 11 Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitowo tso ɣetoɖoƒe, eye woɖu Israel wòyɔ nu me na wo. Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alo gale dzi ko. 12 Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o. 13 Eye Yehowa tsrɔ̃ la kple asike, deʋaya kple keti ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi. 14 Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawo nye ta la, eye nyagblɔɖila, siwo baa atakpadada la, wonye asike la. 15 Dukɔ sia kplɔlawo nye ameblelawo, eye amesiwo woble la, wobu. 16 Eyata Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le woƒe ɖekakpuiwo ŋu o, eye mave woƒe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye ame vɔ̃ɖiwo kple nu tovo wɔlawo, eye nusianu gblɔa nya gbegblẽ. Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko. 17 Elabena vɔ̃ɖiwɔwɔ le bibim abe dzo ene, efiã aŋɔkawo kple ŋuwò, eye wòtɔ dzo ave dodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ. 18 Yehowa Zebaot ƒe dziku na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la le abe dzo ƒe nuɖuɖu ene; amea ɖeke mekpɔ nɔvia ta o. 19 Wole tsyo dam nu le ɖusi me, ke dɔwuame nu mefa o, wole nu ɖum le mia me, ke womeɖi ƒo o, amesiame ɖu eya ŋutɔ ƒe abɔ ƒe lã; 20 Manase ɖu Efrayim, eye Efrayim ɖu Manase; woa kple eve la siaa wotso ɖe Yuda ŋu. Ke to esiawo katã gbɔ ha eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana