Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akɔfafa na xɔsetɔwo le ɣeyiɣi vɔ̃ me.

1 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Tso nuŋlɔkpe gãa ɖe, eye naŋlɔ nuŋɔŋlɔ hahootɔ ɖe edzi bena: Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!

2 De ɖasefo wɔnuteƒe wo nam: nunɔla Uriya kple Zaxarya, Yeberexya vi.

3 Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“

4 Elabena hafi ɖevi la nade asi fofo kple dada yɔyɔ me la, woatso Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adze Asur-fia ŋgɔe.

5 Eye Yehowa gaƒo nu kplim gblɔ bena:

6 Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi, si sina blewu la, eye wòkpɔ dzidzɔ kple Rezin kpakple Remalya vi la,

7 eyata Aƒetɔ la akplɔ tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋuwo ava ƒo ɖe wo dzi, si nye Asur-fia kple eƒe ŋusẽ blibo; ayɔ eƒe baliwo katã me, eye wòagbagba eƒe tɔgowo katã,

8 asi ato Yuda, eye aɖo agbagba vaseɖe ve ke, eye eƒe aʋala, siwo ke la, asa wò anyigba ƒe kekeme. Mawu ti kpli mí!

9 Mi dukɔwo, midze agbo, eye dzi neɖe le mia ƒo; mi amesiwo katã le didiƒe le anyigba dzi la, miƒu to anyi! Mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo, ẽ, mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo!

10 Ne miede adaŋu la, woagblẽ eme, ne mieɖo gbe ɖi la, mava me o; elabena Mawu li kpli mí!


Nuxɔxlɔ̃ bena, woaxɔ Mawu gbagbe la dzi ase.

11 Elabena ale Yehowa ƒo nu kplim, eye eƒe asi nu sẽ ɖe dzinye wogbe nya nam be, nyemagazɔ dukɔ sia ƒe mo dzi o hegblɔ bena:

12 Migayɔ nusiwo katã dukɔ sia yɔna be nugbeɖoɖo la, be nugbeɖoɖo o, migavɔ̃ nusi wovɔ̃na la o, eye megadzi ŋɔ na mi o.

13 Mibu Yehowa Zebaot kokoe, eye eya nenye vovɔ̃ kple ŋɔdzi na nu.

14 Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;

15 eye ame geɖewo aklii adze anyi ahaŋe keŋkeŋ, eye mɔ̃ aɖe wo alé wo.

16 Bia ɖaseɖiɖi la, eye natre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me.

17 Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ.

18 Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.

19 Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?

20 Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.

21 Woanɔ tsa glãla tsam, woate wo ɖe anyi, eye do awu wo, eye ne do le wo wum la, wòado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Eye ne wofa ko dzi

22 alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.

23 Elabena afisi xaxa le la, matsi viviti me o. Tsã la eɖi gbɔ Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, emegbe la ade bubu ƒutamɔ, si le Yordan ƒe go keme la ŋu, si nye dukɔwo ƒe anyigba.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan