Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Xaxa va Yerusalem dzi to Asiriatɔwo kple Israel-viwo dzi.

1 Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.

2 Eye wova gblɔ na Dawid ƒe aƒe la bena: Aram ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim. Tete eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya, abe alesi avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.

3 Tete Yehowa gblɔ na Yesaya bena: Mia kple viwò Sear-Yasub mido yi ɖakpe Axaz le dzigbeta la ƒe tɔʋu ƒe mlɔenu le avɔnyãla ƒe agblemɔ to,

4 eye nagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokui wò dzi, eye nanɔ anyi kpoo! Megavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve, siwo le dzudzɔ tum, le Rezin kple Aram kpakple Remalya vi ƒe dɔmedzoe la ta o.

5 Esi Aram, Efrayim kple Remalya vi woɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò gblɔ bena,

6 mina míaho ɖe Yuda ŋu, míado ŋɔdzi nɛ, eye míaxɔe na mía ɖokui atsɔ Tabeal vi aɖo fiae ɖe eɖzi la,

7 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maɖze edzi o, eye mava me o!

8 Elabena Aram ƒe ta enye Damasko, eye Damasko ƒe ta enye Rezin, eye le ƒe blaade vɔ atɔ̃ me la woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.

9 Efrayim ƒe ta enye Samaria, eye Samaria ƒe ta enye Remalya vi. Ne miexɔe se o la, ekema mianɔ te hã o!


Imanuel ŋugbedodo

10 Eye Yehowa gaƒo nu kple Axaz gblɔ bena:

11 Bia dzesi tso Yehowa, wò Mawu la si, eɖanye tso tsieƒe ke alo tso dziƒo ʋĩ o.

12 Tete Axaz gblɔ bena: Nyema-biae o, ne nyemahayi Yehowa te ge akpɔ o.

13 Eye wògblɔ bena: Dawid ƒe aƒe la, misee: Nu tsɛ wònye na mi be, miana nu nati ko na amegbetɔ, hafi miehe, yewoana nu nati ko na nye Mawua ke hã?

14 Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.

15 Notsi kpekẽ kple anyitsi wòano, vaseɖe esime wòanya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia.

16 Elabena hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, anyigba, si ƒe fia wo kple eve le ŋɔ dzim na wò la, lazu gbegbe!


Tohehe ʋɔnudɔdrɔ̃ to Asiriatɔwo dzi.

17 Eye Yehowa akplɔ Asur-fia aƒu mia kple wò dukɔ kpakple fofowò ƒe aƒe, ŋkeke, siwo meva kpo tso esime Efrayim klã ɖa le Yuda ŋu o!

18 Eye woava me le ŋkeke ma dzi be, Yehowa ala aku ayɔ togbato, siwo le Egipte-tsiwo ƒe mlɔenu, kple anyi, siwo le Asur-nyigba dzi,

19 eye wo katã woava aƒo ɖe bali globowo kple kpetowo kple ŋuvegoewo katã kpakple lãnyiƒewo katã.

20 Gbemagbe la Aƒetɔ la aɣe talũhɛ, si nye Asur-fia tso tɔsisi la ƒe go keme, alũ ta kple aŋɔ me fu nɛ, eye wòaƒlɔ ge nɛ.

21 Eye woava me le ɣemaɣi be, ame ɖeka anyi nyinɔvi ɖeka kple alẽvi eve.

22 Eye le esi notsi bɔ ta la, woano notsi kpekẽ, elabena amesiwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dometɔ ɖesiaɖe ano notsi kpekẽ kple anyitsi.

23 Eye wòava me le ɣemaɣi be, afisi weinka akpe le, eye woxɔa klosalo sekel akpe la, lazu aŋɔka kple ŋuwò.

24 Aŋutrɔ kple da woatso yi afimae, elabena aŋɔka kple ŋuwò axɔ anyigba blibo la dzi.

25 Eye womagate ŋu aɖe to, siwo katã wotso agblenu ŋlɔ tsã la dzi o le aŋɔka kple ŋuwò vovɔ̃ ta, eye woazu nyikplɔƒe kple alẽwo toƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan