Yesaya 66 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Didriwɔla ƒe tohehe. 1 Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe? 2 Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu. 3 Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la, 4 nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o. Yerusalem yeye ƒe xɔxɔ kple alesi wòakaka ɖe trɔ̃subɔlawo katã dome. 5 Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo. 6 Howɔwɔ ƒe ɖiɖi tso dua me, gbe tso gbedoxɔ me, Yehowa, amesi aɖo eteƒe na eƒe futɔwo la ƒe gbe ye! 7 Woadzi vi, hafi woava lé ku, woadzi ŋutsuvi, hafi fu nava ɖu wo. 8 Ameka se esia tɔgbe kpɔ, eye ameka kpɔ esia tɔgbe kpɔ? Ɖe anyigbae ɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔa ɖe zi ɖeka? Hafi Zion ya lé ku, eye wodzi viawo zi ɖeka. 9 Yehowa be: Nye amesi ʋua vidzidɔ nu, ɖe mana be, womadzi vi oa? Wò Mawu be: Nye amesi na wodzia vi, ɖe maxe mɔa?“ 10 Mikpɔ dzidzɔ kple Yerusalem, eye mitso aseye ɖe eŋu, mi amesiwo katã lɔ̃a eƒe nya! Mitso aseye kplii le dzidzɔ me, mi amesiwo katã xaa nu le eŋu! 11 Ne miano eƒe akɔfafa ƒe no, woadi kɔ na mi, eye míakplɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe nu gbogboawo hlohlohlo, miaƒe; dzi nagbɔ ɖe eme. 12 Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matrɔ ŋutifafa ɖe eŋu abe tɔsisi ene kple dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eŋu abe tɔʋu, si gba go ene, be miano no, woatsɔ mi ɖe axada me, eye woalé mi ɖe akɔ dzaa. 13 Alesi ŋutsua ɖe dada fa akɔ ne la, nenema mafa akɔ na mii, eye miaƒe akɔ afa le Yerusalem ŋu. 14 Miakpɔe, miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye miaƒe ƒuwo amie abe gbe ene, Yehowa ƒe asi aɖe eɖokui afia ɖe eƒe dɔlawo ŋu, eye wòado dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu. 15 Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me. 16 Elabena dzo kple yi Yehowa atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ŋutilãwo katãe, eye Yehowa ƒe ame wuwuwo asɔ gbɔ. 17 Yehowa be. Amesiwo wɔa wo ɖokui kɔkɔe, eye wokɔa wo ɖokui ŋu hena trɔ̃kpɔwo, eye wokplɔa ame ɖeka ɖo le dome, amesiwo ɖua halã, nu nyɔŋuwo kple afiwo la, wo katã nu ayi. 18 Ke nye la, menya woƒe nuwɔwɔwo kple tameɖoɖowo. Azã su, be woaƒo dukɔwo katã kple aɖe wo nu ƒu, eye woava akpɔ nye ŋutikɔkɔe la. 19 Mawɔ dzesi ɖe wo ŋu, eye maɖo ame sisiwo ɖa tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Pul kple Lud, amesiwo nye aŋutrɔdalawo, ɖe Tubal kple Yawan kpakple ɖe didiƒe ƒukpowo, amesiwo mese ŋkɔnye o, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe o la gbɔ, eye woaɖe gbe ƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome; 20 ne woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome aɖo sɔwo dzi kple tasiaɖam kple apakawo me kple tedzisɔwo kple kposɔwo dzi abe nuɖuvɔsa ene na Yehowa ahava Yerusalem le nye to kɔkɔe la dzi, abe alesi Israel-viwo tsɔa nuɖuvɔsa dea nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene, Yehowa ye gblɔe! 21 Yehowa be: Matsɔ wo dometɔa ɖewo hã awɔ nunɔlawo kple Lewi-viwoe! 22 Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee. 23 Eye woava me, ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe! 24 Eye woaɖo ayi, be woakpɔ amesiwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo ma tsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana