Yesaya 65 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Aƒetɔ ƒe ŋuɖoɖo: Trɔ̃subɔlawo kple Israel susɔea xɔxɔ. 1 Mele nyanya na amesiwo wu media nye mɔ o, eye mele kpɔkpɔ na amesiwo mediam o; megblɔ na dukɔ, si meyɔa nye ŋkɔ o la be: Nyee nye esi, nyee nye esi! 2 Meke nye abɔ me ŋkeke blibo la ɖo ɖe dukɔ sẽto, si le mɔ baɖa dzi hedze eya ŋutɔ ƒe susuwo yome la. 3 Amesiwo le dziku dom nam le ŋkunye me ɖaa, wosaa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔ le anyikpewo dzi 4 amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me; 5 ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la. 6 Kpɔ ɖa, meŋlɔe ɖi ɖe ŋkunye me, nyemazi kpi o, negbe ɖeko maɖo eteƒe hafi, maɖo eteƒe ɖe woƒe akɔ me; 7 Yehowa be: Madzidze miaƒe nuvɔ̃wo ɖe akɔ me na mi gbã, miaƒe vodadawo kple mia fofowo ƒe vodadawo siaa, amesiwo do dzudzɔ le towo dzi, eye woɖe alɔme le ŋunye le togbɛwo dzi. 8 Ale Yehowa gblɔ esi: Alesi ne wokpɔ tsi le weintsetse me wogblɔna be: Migagblẽe o, elabena yayra le eme la, nenemae mawɔ, eye nyemagblẽ wo katã o, le nye dɔlawo ta; 9 eye mana ƒome nado tso Yakob me, eye nye towo ƒe domenyila natso Yuda me; nye ame tiatiawo anyi edome, eye nye dɔlawo anɔ afima. 10 Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe, eye Axorbalime la azu nyiwo ƒe akɔtsyɔƒe hena nye dukɔ, si biaa tanye sena la. Tohehe na dukɔ dzeanyi la. 11 Ke miawo, esi miegblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mieɖo kplɔ̃ na aklama, eye mieku aha tre banaa na dzɔgbe la, 12 eyata maɖo yi ɖa ɖe mia ŋu, eye mi katã miado dɔgɔ̃e woawu, elabena meyɔ mi, mieta o, meƒo nu, miesee o, miewɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye mietia nusi medze ŋunye o la. 13 Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi. 14 Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye miafa avi le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta. 15 Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya, 16 ale be amesi ayra eɖokui le anyigba dzi la, atsɔ Mawu nyateƒetɔ la ayra eɖokui, eye amesi ata nu le anyigba dzi la, ata Mawu nyateƒetɔ la, elabena ŋku dzo le gbaɖegbe xaxawo dzi, elabena woɣla ɖe nye ŋkuwò. Dziƒo kple anyigba yeye. 17 Elabena kpo ɖa, mawo dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; 18 ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawo la ŋuti, elabena kpo ɖa, mawo Yerusalem hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ. 19 Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu, eye womagase avifagbe kple konyifagbe le eme azɔ o. 20 Ɖevi, si xa ŋkeke ʋee alo amegã ɖeɖi, si ƒe ŋkekewo mede keŋ o la, magano afima o; elabena amesi xɔ ƒe alafa hafi ku la, ɖevie, eye nuvɔ̃wɔla, si xa ƒe alafa la, fiƒode ava edzi. 21 Woatu xɔ anɔ eme, eye woaɖe weingble aɖu eme kutsetse. 22 Womãtu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. 23 Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu. 24 Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee. 25 Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana