Yesaya 64 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedoɖoɖa hena ɖeɖe dziyiyi. 1 Abe alesi dzo fiãa nakeyɛ, eye dzo nana tsi fiẽna wlɔwlɔwlɔ enee ɖe, ne naɖe wò ŋkɔ afia dukɔwo, eye dukɔwo katã nadzo nyanyanya le ŋkuwò me, 2 esime ne wo nu dziŋɔ, siwo míekpɔ mo na o, èɖi ɖe anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me! 3 Womesee tso blema ke o, eye mede to me na amea ɖeke o, ŋkua ɖeke mekpɔ Mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋuwò, si wɔ alea na amesi le mɔ kpɔm ne o. 4 Edo go amesi wòa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi. Kpɔ ɖa, eɖo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; miele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía? 5 Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene. 6 Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me. 7 Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye. 8 Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye! 9 Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion zu gbegbe, eye Yerusalem tsi anyi aƒeɖoe. 10 Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mia fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ. 11 Yehowa, ɖe àlé ɖokuiwò le nusiawo katã me, àzi kpi, eye nate mí ɖe anyi woatso mea? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana