Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 63 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Aƒetɔ la tu afɔ eƒe futɔwo dzi.

1 Amekae nye esi tso Edom gbɔna, eye wole awu dziwo me tso Bozra, amesi tsɔ eƒe awuwo ɖo atsyɔ̃e, eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me? Nyee nye amesi ƒoa nu ɖe eteƒe, eye xɔname bɔ ɖe asinye.

2 Nukaŋuti wò awuwo biã, eye wò avɔwo le abe weinfiãla tɔ ene?

3 Nye ɖeɖee fanya wein kple afɔ, eye dukɔwo dometɔa ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Ale menyã avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe me, eye mefanya wo le nye dziku me, eye woƒe ʋu hlẽ ɖe nye awuwo ŋu, eye nye avɔwo katã me gblẽ.

4 Elabena meɖo nye hlɔ̃biagbe ɖe ta me, eye nye xɔname ƒe ƒe la ɖo?

5 Eye metsa ŋku, ke amea ɖeke mexɔ nam o, eye nye mo wɔ yaa be, xɔnametɔa ɖeke meli o; tete nye abɔ xɔ nam, eye nye dziku kpe ɖe ŋunye.

6 Mefanya dukɔwo le nye dɔmedzoe me, meto wo nyanyanya le nye dziku me, eye mena woƒe ʋu ɖuɖu de anyigba.

7 Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.

8 Egblɔ be: Vavã, nye dukɔ wonye, vi, siwo madaa alakpa o la wonye, eye wòzu xɔnametɔ na wo.

9 Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.

10 Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.

11 Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?

12 Amesi na eƒe atsyɔ̃dabɔ to Mose ƒe nuɖusi dzi, eye wòmã tsi la me ɖe eve le wo ŋgɔ, be wòaɖe ŋkɔ mava eɖokui ŋu?

13 Eya amesi na wòto tɔ gɔme womekli nu o, abe alesi sɔa toa gbegbee ene?

14 Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔ wo yi gbɔɖemeƒe, abe alesi lã yia bali me ene. Ale nèkplɔ wò dukɔ la, be nade ŋkɔ gã ɖokuiwò ŋu.


Gbedodoɖa hena ɖeɖe.

15 Do ŋku ɖa tso dziƒo, eye nakpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe nyo la me! Afika wò ŋuʋaʋã kple wò nutsuwɔwɔwo le? Wò dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ de megbe le ŋunye.

16 Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.

17 Yehowa, nukaŋuti nena míele tatram tso wò mowo dzi, eye nèse miaƒe ta me, be mievɔ̃ wò o? Gatrɔ va le wò dɔla kple wò domenyinyi ƒe toawo ta!

18 Ɣeyiɣi ʋeea ɖe ko wò to kɔkɔe la nɔ si me, tete miaƒe futɔwo nyã avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.

19 Míezu abe amesiwo dzi mèɖu fia ɖo kpɔ o, kple amesiwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo kpɔ o la ene. Oo, esi nahadze dziŋgɔli aɖi ɖe anyi, eye towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan