Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 62 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Zion ƒe ŋutikɔkɔe, si ava nɛ.

1 Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta, eye le Yerusalem ta nyemagbɔ ɖe eme o, vaseɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye nado abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.

2 Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe, eye woayɔ ŋkɔ yeye, si Yehowa ƒe nu agblɔ la, na wò.

3 Anye atsyɔ̃ fiakuku le Yehowa si me kple fiaƒe tablanu le wò Mawu si me.

4 Womagayɔ wò azɔ be: „amesi wogbe“ o, eye womagayɔ wò anyigba be: „aƒedo“ o; ke boŋ woayɔ wò be: „mekpɔ dzidzɔ le eŋu“, eye woayɔ wò anyigba be „srɔ̃nyɔnu“; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba woazu srɔ̃a.

5 Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.

6 Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi, amesiwo mazi ɖoɖoe ŋkeke blibo kple zã blibo o. Mi amesiwo ɖoa ŋku nu dzi na Yehowa, migagbɔ ɖe eme o!

7 Miɖee toe, vaseɖe esime wòaɖo Yerusalem te, eye wòatsɔe awɔ kafukafu le anyigba dzi.

8 Yehowa ta eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ sesẽ. Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo woaɖu azɔ o, eye du bubu me tɔwo magano wò wein, si ŋu neku kutri ɖo la, azɔ o,

9 ke boŋ amesiwo xa nuku la, woawoe aɖui, eye woakafu Yehowa, eye amesiwo; xa nu la, woawoe anoe le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.

10 Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!

11 Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.

12 Woayɔ wo be: „dukɔ kɔkɔe“, „Yehowa ƒe amesiwo woɖe“, ke wò la, woayɔ wò be „du, si ƒe nya wodina“, „du, si womagblẽ ɖi o.“

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan