Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 61 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyanyuie le Mesia ƒe vava ŋuti.

1 Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;

2 maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã;

3 ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.

4 Woatso blemaƒedowo, woafɔ gbaɖegbe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woagbugbɔ du gbagbãwo kple tsãtɔwo ƒe glikpowo atso.

5 Du bubu me tɔwo atsi tre ɖi anyi miaƒe lãhawo, eye amedzro viwo anye miaƒe agbledelawo kple miaƒe weingbledelawo.

6 Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be: „Yehowa ƒe nunɔlawo“, eye woayɔ mi be „mía Mawu ƒe subɔlawo“; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.

7 Le woƒe ŋukpe eve ƒokpli kple woƒe vlododo, si nye woƒe gome ta la woaxɔ teƒeɖoɖo eve nu le woƒe anyigba dzi, eye woakpɔ dzidzɔ tegbee.

8 Elabena nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa tu nuhaha vɔ̃ɖi; matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ, eye mabia mũ mava kpli wo.

9 Woanya wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le anyigba dzi dukɔwo dome. Amesiwo katã kpɔ wo la, adze si wo be, ƒome, si Yehowa yra la wonye.

10 Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.

11 Elabena alesi anyigba nana nuwo miena, eye abɔ nana nukuwo dzenae la, nenema Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku mee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan