Yesaya 60 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Zion ƒe ŋutikɔkɔe. Trɔ̃subɔlawo tɔtrɔ. 1 Tso naklẽ, elabena wò kekeli gbɔna, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe adze ɖe dziwò! 2 Elabena viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyo dukɔwo, ke wò la, Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe ado ɖe dziwò. 3 Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu. 4 Fɔ kɔ dzi nakpɔ nu godoo va kpe, wo katã woƒo ta kpli gbɔna gbɔwò! Wo ŋutsuviwo atso didiƒe ava, eye woakpa wo nyɔnuviwo ɖe axada me. 5 Ekema akpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò. 6 Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatso sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe kafukafu. 7 Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la. 8 Amekawoe nye esiawo, siwo le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene? 9 Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo ɖo ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò. 10 Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò; elabena le nye dɔmedzoe me meƒo wò, eye makpɔ nublanui na wò le nye amenuveve me. 11 Wo agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã Kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ve na wò, eye woƒe fiawo nanɔ wo nu. 12 Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi. 13 Woahe Libanon ƒe atsyɔ̃, sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa vɛ na wò, ne natsɔ aɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe ƒe nɔƒe, eye nade bubu nye afɔ nɔƒe ŋu. 14 Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“. 15 Esi wogblɔ wò ɖi, wogbe wò nya, eye amea ɖeke meto ŋuwò yi o ta la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee kple dzidzɔ na ƒomeawo katã. 16 Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ne nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela. 17 Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matso ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae. 18 Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be „xɔname“ kple wò agbowo be „kafukafu“. Mawu si nye kekeli na eƒe dukɔ la. 19 Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo. 20 Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò dzinu magaɖo xɔ o, elabena Yehowa lanye wò kekeli tegbee, eye wò nuxaɣi nu va yi. 21 Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye. 22 Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana