Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesaya kpɔ ŋutega, woɖoe nyagblɔla.

1 Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ.

2 Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee.

3 Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!

4 Ɣlidola la ƒe gbe na kpuiawo ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ.

5 Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.

6 Tete Serafiwo dometɔ ɖeka dzo va gbɔnye, eye wòlé kpe xɔdzo hẽ, si wotsɔ abe ɖe le vɔsamlekpuia me la, ɖe asi;

7 eye wòtsɔe lili nu nam gblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia ka nuyi ŋu na wo, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wòlé avu wò nuvɔ̃wo.

8 Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megblɔ bena: Nyee nye esi, dɔm!

9 Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.

10 Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.

11 Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,

12 vaseɖe esime Yehowa nakplɔ amewo adzoe, eye gbegbewo nasɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.

13 Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan