Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 59 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dukɔ mavɔ̃mawu la ƒe gbegblẽ.

1 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o;

2 ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o.

3 Elabena ʋu ƒo asi na mi, eye vodada le míaƒe asibidewo ŋu, miaƒe nuyiwo daa alakpa, eye miaƒe aɖewo gblɔa nya tovo.

4 Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.

5 Woƒoa dakpui ƒe azi, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ; amesi ɖua woƒe azi la, aku, eye ne wogbãe kple afɔ la, ƒli ado atso me.

6 Woƒe kawo mazu avɔ akpɔ o, eye womatsyɔ woƒe dɔwɔwɔwo o; woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔ vɔ̃ɖiwo, eye ŋutasesẽ le woƒe asiwò me.

7 Woƒe afɔwo le du dzi ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be wòakɔ ʋu maɖifɔ ɖi. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ le wo toƒewo.

8 Womenyaa ŋutifafa mɔ la o, eye nu dzɔdzɔea ɖeke menɔa wo toƒe o, woglɔ̃a woƒe mɔ, eye amesi toa eɖzi la, menyaa ŋutifafaa ɖeke o.

9 Eyata ɖoɖo la le adzɔge na mí, eye dzɔdzɔenyenye gbe mía gbɔ vava; míele mɔ kpɔm na kekeli, kpɔ ɖa, viviti li, míele mɔ kpɔm na xexeme ƒe kɔkɔ, ke míele zɔzɔm le blukɔ me.

10 Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi tsam abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye miele ame damiwo dome abe ame kukuwo ene!

11 Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m abe ahɔnewo ene; miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃, ke meva o, miele mɔ kpɔm na xɔname, ke etsi adzɔge na mi.

12 Elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me, eye míaƒe nuvɔwo le ɖase ɖim le mía ŋu. Elabena míedze si miaƒe dzidadawo, eye miaƒe vodadawo la, míenya wo.

13 Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.

14 Ɖoɖo la gbugbɔ ɖe megbe, eye dzɔdzɔenyenye tsi adzɔge. Elabena nyateƒe le nu klim le kpɔdome, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.

15 Ale nyateƒe bu ɖe ame, eye amesi ƒo asa na vɔ̃ɖiwɔwɔ la, wohae. Eye Yehowa kpɔ be, nu dzɔdzɔe wɔwɔa ɖeke meli o, eye medze eŋu o.


Ɖelaa ɖe ŋugbedodo.

16 Eye wòkpɔ be, amea ɖeke meli o, eye wòwɔ mo yaa nɛ be, avulélaa ɖeke meli o. Tete wotso eƒe alo xɔ na eɖokui, eye eƒe dzɔdzɔenyenye kpe ɖe eŋu.

17 Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.

18 Aɖo eteƒe ɖe nuwɔwɔwo nu: eƒe ketɔwo to enye dziku, teƒeɖoɖo enye eƒe futɔwo tɔ, eye wòaɖo ƒukpowo ƒe nuwɔwɔwo teƒe na wo.

19 Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.

20 Anye ɖela ava na Zion, eye na amesiwo trɔ tso woƒe dzidadawo me le Yakob; Yehowa ye gblɔe.

21 Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan