Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 58 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nutsitsidɔ nyuitɔ kple vɔ̃ɖitɔ.

1 He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!

2 Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!

3 „Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.

4 Kpɔ ɖa, dzrewɔwɔ kple avuwɔwɔ ta mietsi nu le dɔdɔm ɖo, eye be miada kɔ madzɔmadzɔ. Menye ɖe mietsi nu dɔ le ŋkeke mawo me, be woase miaƒe gbe le dzi o.

5 De nutsitsiɖɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua?


Mawusubɔsubɔ vavãtɔ yayra.

6 Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,

7 naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.

8 Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò hayahaya ado kaba, wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ahe megbe na wò.

9 Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,

10 ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene,

11 ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.

12 Viwòwo atso blemaƒedowo, eye afɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be „gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzradola, ne woatso aƒe ɖi.“

13 Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be: „dzidzɔ“ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be „bubu“, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la,

14 ekema akpɔ dzidzɔ le Yehowa ŋu, mana naɖe anyigba ƒe kɔkɔƒewo, eye mana naɖu fofowò Yakob ƒe domenyinu; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan