Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 57 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le ku me ko hã ame dzɔdzɔewo akpɔ ŋutifafa, eye mawumavɔ̃lawo akpɔ ŋutimafamafa.

1 Ame dzɔdzɔe kuna, eye medea dzigbɔ na amea ɖeke o, woɖea mawumemewo ɖa, ke amea ɖeke medzea sii be, vɔ̃ɖiwɔwɔ nu woɖea ame dzɔdzɔe ɖa le o.

2 Amesiwo ƒe zɔzɔme to mo ɖeka la, wòayi ɖe ŋutifafa me, eye woagbɔ ɖe eme le wo mlɔƒewo.

3 Mi nyɔnu dzosala ƒe viwo, mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!

4 Ameka ŋu miele fefem le, ameka ŋu mieke nu ɖo baa, eye miedo aɖe ɖe go biɖaa ɖo? Ɖe menye godzelawo ƒe dzidzimeviwo kple alakpaviwo mienye,

5 amesiwo ƒe lãme le fiefiẽm ɖe legbawo ŋu le ati damawo katã te, mi amesiwo wu mia viwo ɖe balimewo le agakpetowo te la oa?

6 Etia bali me kpe zɔzrɔ̃ewo na ɖokuiwo, woawoe nye wò gome; èƒo tsi ɖe anyi na wo, eye nèɖe dza na wo, ɖe mazi kpi akpa nusiawoa?

7 Etu mlowòƒe ɖe to, si ko bobobo la dzi, eye nèyi edzi, be nawu vɔsalã.

8 Etso wò ŋkuɖodzinu ɖo wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo godo, elabena ètrɔ ʋu le yonyeme, èklɔ nu le wò aba ŋu, ede edzi, eye nèkekee de nu, eye mia kple wo miebla asi; wo mlɔƒe dze ŋuwò, eye nèɖe ŋku ɖe ama.

9 Etsɔ ami yi fia gbɔe, eye nèɖo atike ʋeʋẽe asi fũ; èɖo wò amewo ɖe didiƒe ke, eye nèbɔbɔ ta wòɖatɔ tsieƒe ke.

10 Ne wò ma didi la te ɖeɖi ŋuwò hã la, mègblɔna be, yeadzudzɔ o; agbe gale ŋuwò, eyata nu mete ŋuwò o.

11 Amekae le ŋɔ dzim na wò, eye ameka vɔ̃m nèle, be nèzu alakpatɔ, meɖo ŋku dzinye o, eye nya mede dzigbɔ na wò o? Esi mezi kpi eteƒe didi la, menye eyatae negbem vɔvɔ̃ ɖo oa?

12 Maɖe wò dzɔdzɔenyenye afia; ke wò dɔwɔwɔwo maxɔ na wo o.

13 Eɖo ɣli be, wò legba gbogboawo naxɔ na wò, ke ya lɔ wo katã ɖe nu, eye ƒuƒu kplɔ wo dzoe. Ke amesi sim tso la, anyi anyigba ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.

14 Eye wògblɔ be: Mita mɔ, mita mɔ, mikplɔ mɔwo dzi; miɖe nukikliwo katã ɖa le mɔ me na nye dukɔ!

15 Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.

16 Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.

17 Le eƒe ŋubiabia ƒe vodada ta medo dɔmedzoe, eye meƒoe ɖo, medo dɔmedzoe, eye meɣla ɖokuinye, tete wòdze go helé eƒe tamesusu ƒe mɔ tso.

18 Mekpɔ eƒe mɔwo, mayɔ dɔe, makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe nuxalawo.

19 Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.

20 Ke ame vɔ̃ɖiwo fe abe atsiaƒu dzeagbo ene, elabena mate ŋu anɔ anyi kpoo o, eye eƒe tsiwo le bà kple gbeɖuɖɔ ɖem ɖe go.

21 Nye Mawu be; Ŋutifafaa ɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan