Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 56 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuxɔxlɔ̃ hena mawusubɔsubɔ. Trɔ̃subɔlawo tɔtrɔ.

1 Ale Yehowa gblɔ esi. Midzra ɖoɖo la ɖo, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Elabena nye xɔname tu aƒe, ne wòava, kple nye dzɔdzɔenyenye, ne wòaɖe eɖokui afia.

2 Woayra amegbetɔ, si wɔa alea, kple amegbetɔvi, si kuna ɖe nusia ŋu, amesi dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be wòagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wòkpɔa eƒe asi dzi, be magawɔ vɔ̃a ɖeke o!

3 Amedzrovi, si ku ɖe Yehowa ŋu la, megagblɔ be, Yehowa le ye ɖe ge ɖa atso eƒe dukɔ ŋu o; eye ame tata megagblɔ be, kpɔ ɖa, ye la, ati ƒuƒu ko ye nye o.

4 Elabena ale Yehowa gblɔ na ame tata, siwo dzraa nye dzudzɔgbewo ɖo, wotiaa nusi dzea ŋunye, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu tsehee la, enye si:

5 Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ, siwo nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la wo ɖe aƒenye me kple nye gliwo me; ŋkɔ mava, si metsrɔ̃na o la, mana amesiawo tɔgbe.

6 Eye amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo ne, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la,

7 mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.

8 Aƒetɔ Yehowa, amesi ƒo Israel ƒe ame kahlẽwo nu ƒu la be: Magaƒo amewo nu ƒu akpe ɖe ame ƒoƒuawo ŋu.


Tohehe na dukɔ la kplɔla vɔ̃ɖiawo.

9 Mi gbemelãwo katã, miva ɖu nu, mi avemelãwo katã!

10 Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.

11 Do le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o, lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wòlé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me.

12 Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan