Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yesaya 55 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Amewo katã kpekpe hena Mawu ƒe amenuveve nubabla.

1 Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o!

2 Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.

3 Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.

4 Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.

5 Kpɔ ɖa, ayɔ dukɔ, si menya o la vɛ, eye dukɔ, si menya wò o la, aƒu du ava gbɔwò le Yehowa, wò Mawu, kple Israel ƒe kɔkɔetɔ la ta, elabena ede bubu ŋuwò.

6 Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wotsɔ kpui ƒe.

7 Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Mawu ƒe nya ƒe dɔwɔwɔ vodada manɔŋui.

8 Elabena Yehowa be: Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o;

9 ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mawo kple nye susuwo wu miaƒe susuwòe.

10 Elabena alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la,

11 nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.

12 Elabena miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe.

13 Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan